Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 5:6 - Agbenya La

6 Mègana wò nu nakplɔ wò de nu vɔ̃ me o eye mègagblɔ na dɔtsɔla si le gbedoxɔ me be, “Vodadae nye nye adzɔgbeɖeɖe” o. Nu ka ta Mawu ado dɔmedzoe le nya si nègblɔ ta eye wòagblẽ nu si nèwɔ kple asi?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Elabena tofloko geɖe le ɖrɔ̃ekuku kple nu kpoloe ƒoƒo geɖe me. Ke wò la vɔ̃ Mawu boŋ!

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 5:6
23 Mawu Ofanana  

Mawudɔla si ɖem tso xaxa ɖe sia ɖe me la nayra ɖevi siawo, woade bubu nye ŋkɔ ŋu, eye woade bubu fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔwo ŋu. Mawu naɖi ne woazu dukɔ gã aɖe.”


Mègana wò dzi naʋã ŋu nu vɔ̃ wɔlawo o, ke boŋ tsɔ dzo ɖe Yehowavɔvɔ̃ ŋu.


Nya si tso nunyala ƒe nu me nyea amenuvenya, ke bometsila ƒe nuyiwo gblẽa nu le eya ŋutɔ ŋu.


Eye menya esia be nu sia nu si Mawu wɔ la, tɔtrɔ aɖeke meganɔa eŋu o, womate ŋu atsɔ naneke akpee o eye womate ŋu aɖe naneke le eme hã o. Mawu ƒe taɖodzinu le nya sia mee nye be ele be amegbetɔ navɔ̃ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la.


“Gblɔ na Israelviwo be, ‘esiawoe nye se siwo ku ɖe ame siwo ada le Yehowa ƒe seawo dzi le ŋuɖeɖi me la ŋu.


“ ‘Ne dumegã aɖe wɔ nu vɔ̃, gake menya gbã be yewɔ nu vɔ̃, da le Yehowa, eƒe Mawu, ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi o,


“Ele be Mawu ƒe nya kple nunya nado go tso nunɔla nu ɣe sia ɣi ale be amewo nasrɔ̃ Yehowa ƒe sewo tso egbɔ, elabena nunɔlae nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔla, eye wòle be amewo nava egbɔ hena nuxɔxlɔ̃ kple afɔɖoƒefiafia wo.


“Kpɔ ɖa, madɔ nye dɔla ɖo ɖa be wòata mɔ le ŋgɔnye eye Aƒetɔ si miele mɔ kpɔm na la ado ɖe eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi. Dɔla si ŋugbe wodo le nubabla la me, si dim miele la ava.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Nunɔla alé avu ɖe Israelviwo katã nu, eye woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo, elabena vodadae, eye woɖɔ vodada sia ɖo to dzovɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me le Yehowa ŋkume.


eya ta ele be nyɔnu natsyɔ nu eƒe ta atsɔ afia be yele ye srɔ̃ ƒe ŋusẽ te, eye abe ɖaseɖiɖi na mawudɔlawo ene.


Mele se dem na wò moveviɖotɔe le Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo kple mawudɔla kɔkɔeawo katã ƒe ŋkume be nàwɔ nu sia ne hamemegã la nye xɔ̃wò vevi loo alo menye xɔ̃wò o. Ele be woatsɔ dzidzenu ɖeka ma ko na ame sia ame.


Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.


Ne ame aɖe gblɔ be yenye xɔsetɔ, ke mede ga eƒe aɖe o la, ele eɖokui blem, eye eƒe xɔse la hã nye dzodzro.


Elabena mía dometɔ ɖe sia ɖe daa vo le mɔ geɖewo nu. Ne ame aɖe medaa vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame si de blibo, ale wòtea ŋu dea ga eƒe ŋutilã blibo la.


Mikpɔ nyuie be nu si ŋu miedze agbagba le la nagage le mia si o, ke boŋ miaxɔ fetu si de blibo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa