Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 5:18 - Agbenya La

18 Ke nu ɖeka pɛ ya nyo, eyae nye wòaɖu nu nyuie, ano wain kɔŋkɔ gã ɖeka, ana eƒe ɖoƒe le agbe me nadze eŋu eye wòana dɔ sia dɔ si wòwɔna la nado dzidzɔ nɛ to ɣeyiɣi si me Mawu ana wòanɔ agbe la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye ne Mawu na kesinɔnu kple nu xɔesiwo amea de, eye wòna misee be, wòaɖui, wòaxɔ elɔ gome, eye wòakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu la, Mawu ƒe nunana nye esia.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 5:18
16 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke me la, Yehowa ɖoa eƒe lɔlɔ̃ ɖem, le zã me la eƒe ha nɔa nunyeme, eye wònyea gbedodoɖa na nye agbe ƒe Mawu la.


Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, eye nàna wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpuime. Zɔ ɖe wò dzi ƒe didi kple wò ŋku ƒe nukpɔkpɔ nu, ke nyae be Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wò le nu siawo katã ta,


Mewɔ nu sia nu si dze ŋunye eye nyemehe ɖokuinye ɖa tso dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke ƒomevi gbɔ o. Dɔ sesẽ wɔwɔ gɔ̃ hã do dzidzɔ nam. Le nyateƒe me la, dzidzɔkpɔkpɔ sia koe nye nye agbagbadzedzewo katã ƒe fetu.


Ale metso nya me be naneke meli si nyo na amegbetɔ wu be wòaɖu nu, ano nu eye wòana eƒe luʋɔ nakpɔ dzidzɔ le eƒe agbagbadzedzewo ŋu o. Mekpɔe be esia hã, Mawu ƒe asimee wòtsona,


Ale le tamebubu geɖe megbe la, meɖo be matsɔ ahanono ado dzidzɔ na ɖokuinye, gake maganɔ nunya yome tim. Medi be malé bometsitsi ɖe asi goŋgoŋgoŋ va se ɖe esime madze si nu si anyo na amegbetɔwo be woawɔ le dziƒoa te le woƒe ŋkeke sue si me woanɔ agbe la.


Eya ta mekpɔe be nu si nyo na amegbetɔ wu lae nye be wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me. Elabena eya tae wòle afi sia ɖo, eye ame aɖeke magate ŋu agbugbɔe va agbe sia me, wòakpɔ dzidzɔ le nu siwo ava va la ŋu o. Eya ta ele be wòakpɔ dzidzɔ le wo ŋu fifia.


Nya siae nye Mawu tsɔ kesinɔnu geɖe kple bubu na ame aɖewo, ale be woate ŋu akpɔ nu sia nu si wodi la, ke mena lãmesesẽ wo be woaɖu agbe kple nu siawo o. Wokuna, eye ame bubuwo sãa xɔa kesinɔnu siawo katã! Nu sia nye nu masɔmasɔ, tofloko kple vodada gã aɖe.


Ale meɖo ta me be maɖu agbe le nye ŋkekewo katã me elabena mekpɔ be naneke menyo le xexe blibo la me wu be ame naɖu nu, ano nu, akpɔ dzidzɔ o eye amea nakpɔ mɔ be yeanɔ dzidzɔkpɔkpɔ sia dzi le dɔ sesẽ siwo katã Mawu ɖo na amewo katã le afi sia afi la wɔwɔ me.


Eya ta ɖu nu, nàno nu eye nàkpɔ dzidzɔ elabena wò dɔwɔwɔwo dze Mawu ŋu xoxo!


Babilonia fia naa Yehoyatsin ƒe gbe sia gbe nuhiahiãwoe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me va se ɖe eƒe kugbe.


Miwɔ nu siwo woaɖo na mi, eye miwɔ nu sia nu si miate ŋui la be miakpe ɖe wo kple ame bubu siwo katã tsɔ wo ɖokuiwo sa vɔe abe woawo ke ene, eye wowɔa dɔ sesĩe le mia dome la ŋu.


Woatsɔ nu siawo katã va vɔsamlekpui la gbɔ, afi si miawo, mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kple Levitɔwo tso miaƒe duwo me, miaɖu wo le, le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume. Yehowa agblɔ afi si vɔsamlekpui la anɔ la na mi. Mitso aseye le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le nu sia nu si miawɔ la me.


Afi mae miawo kple miaƒe ƒometɔwo miaɖo kplɔ̃ ɖo le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye le nu siwo katã wòwɔ na mi la ta.


Le esia megbe la, yi nàɖo kplɔ̃ kple nu nyui siwo katã Yehowa, wò Mawu la na wò. Na wò ƒometɔwo kple Levitɔwo kple amedzro siwo le mia dome la nakpɔ gome kpli wò le dzidzɔkpɔkpɔ la me.


Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa