Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 4:9 - Agbenya La

9 Ame eve ate ŋu awɔ dɔ wu ame ɖeka ƒe dɔwɔwɔ ƒe teƒe eve elabena woƒe nukpɔkpɔ anyo sãa wu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ne ame le eve la, enye wu ame ɖeka, elabena woakpɔ fam nyui de woƒe agbagbadzedzewo la.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 4:9
15 Mawu Ofanana  

Yehowa Mawu gblɔ be, “Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ.”


Yoab gblɔ na nɔvia be, “Ne Aramtɔwo sẽ nam akpa la, nàva kpe ɖe ŋunye, ke ne Amonitɔwo sẽ na wò akpa la, mava kpe ɖe ŋuwò.


Abe ale si ga nyrea ga ene la, nenema kee ame nyrea amee.


Ne ɖeka dze anyi la, evelia afɔe, ke ne amea nye ɖeka eye wòdze anyi la, egena ɖe fukpekpe me.


Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu, ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe, eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu. Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na? Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema? Viɖe aɖeke kura mele eme o.


Ale Yehowa de dzo Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, ame si nye Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã kple Yosua, Yehozadak ƒe vi, nunɔlagã la kple ame mamlɛawo ƒe gbɔgbɔ me. Woƒo ƒu eye wodze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ tutu gɔme


Nye ɖeka nyemate ŋu atsɔ dukɔ sia ƒe nyawo o. Agba la kpe nam akpa!


Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo, eye wòdɔ wo eveve hena ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me.


Fifia gɔ̃ hã la, ame si ŋea nu la xɔa fetu, eye wòŋea nukuwo hena agbe mavɔ la, be nuƒãla kple nuŋela siaa nakpɔ dzidzɔ.


Gbe ɖeka la, esi ame siawo nɔ Aƒetɔ la subɔm, nɔ nu tsim nɔ dɔdɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be, “Mitia Barnabas kple Saulo be woaɖawɔ dɔ tɔxɛ si ta meyɔ wo ɖo la nam.”


Mikpɔ nyuie be nu si ŋu miedze agbagba le la nagage le mia si o, ke boŋ miaxɔ fetu si de blibo.


Yehowa naɖo nyui si nèwɔ la teƒe na wò. Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si gbɔ nèva le sitsoƒe dim le la naɖo eteƒe na wò.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa