Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu. Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo; kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o, le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi.
Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu, ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe, eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu. Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na? Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema? Viɖe aɖeke kura mele eme o.
Ke ɖe nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla, nyagblɔɖilawo la meva mia fofowo dzi oa? “Le esia ta la, wotrɔ dzi me gblɔ be, ‘Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la wɔ na mí ɖe míaƒe mɔwo kple wɔnawo nu abe ale si wòɖoe be yeawɔ ene.’ ”