Elisa biae be, “Mènya be menɔ afi ma le gbɔgbɔ me hafi Naaman ɖi le eƒe tasiaɖam me hekpe wò oa? Ɣeyiɣi sia mee woaxɔ ga, awu, amitigblewo, waingblewo, alẽwo, nyitsuwo kple subɔlawoa?
Wodze awu kple nu siwo Siriatɔwo tsɔ ƒu gbe ɖi le esime wonɔ sisim la yome va se ɖe esime wova ɖo Yɔdan tɔsisi la nu. Ale ame eve siawo trɔ va gblɔ nu si wokpɔ la na fia la.
Hazael yi ɖado go Elisa. Edo agba na kposɔ blaene kple adzɔnu nyuitɔwo tso Damasko. Eyi ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ be, “Viwò Ben Hadad, Siria fia dɔm ɖa be mabia wò be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ”
Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ gã aɖe lé ʋukulawo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ eƒe mawu yɔm kple ɣli, eye wotsɔ agba si wodo na meli la ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me be meli la nazu wodzoe vie. Esi nu siawo katã nɔ edzi yim la, Yona ya nɔ alɔ̃ dɔm dzidzemetɔe le afi si wòbe ɖo.