Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 3:3 - Agbenya La

3 Amewuɣi li, eye gbedaɣi li. Nugblẽɣi li, eye nudzraɖoɣi li.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 amewuɣi li, eye gbeɖaɣi li; xɔgbãɣi li, eye etuɣi li;

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 3:3
21 Mawu Ofanana  

“Ame sia ame si akɔ ame ƒe ʋu ɖi la, ame akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi, elabena Mawu ƒe nɔnɔme me Mawu wɔe ɖo.


Ame si wɔna ɖe eƒe dɔlawo ƒe biabiawo dzi, eye wònaa eƒe dɔlawo ƒe nyagblɔɖiwo vaa eme. “Ame si gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Amewo aganɔ me wò,’ na Yuda ƒe duwo be, ‘Woagbugbɔ mi atso,’ eye na aƒedowo be, ‘Magbugbɔ mi aɖo te.’


Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tu woƒe towo, eye nàmia woƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, woava kpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, ase nu kple woƒe towo, ase nu gɔme kple woƒe dziwo, eye woatrɔ akpɔ dɔyɔyɔ.”


Kpɔ ɖa, egbe meɖo wò nyagblɔɖilae na dukɔwo kple fiaɖuƒewo be nàho nu, avuvu nu, agblẽ nu, amu nuwo aƒu anyi, nàtso aƒe, eye nàdo nu.”


Abe ale si nye ŋku le wo ŋu be maho wo, malã wo, maxlã wo ɖi, matsrɔ̃ wo eye mahe dzɔgbevɔ̃e va wo dzii ene la, nenema kee manɔ te ɖe wo ŋu be woatu xɔ eye woaƒã nu” Yehowae gblɔe.


“ ‘Gake kpɔ ɖa mayɔ dɔ wo eye woahaya. Mayɔ dɔ nye dukɔ eye mana ŋutifafa kple dedinɔnɔ fũu.


Yehowa be, “Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Magbã nu si nye ŋutɔ metu eye maho nu si nye ŋutɔ medo, le anyigba katã dzi.


Mamu gli si miesi akalo na, magbãe wòasɔ kple anyigba, ale be eƒe gɔmeɖoɖo natsi gota. Ne emu la, atsrɔ̃ mi, ekema mianyae be, nyee nye Yehowa.


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Ame siawo le gbɔgblɔm be, ‘Ɣeyiɣi mede ne woagbugbɔ nye gbedoxɔ atu o.’ ”


“Ɖe ɣeyiɣi de be miawo ya mianɔ aƒe nyuiwo me esi nye gbedoxɔ ƒe glikpowo gale nenema koa?”


Esi Yehowa ƒe dɔla la se nya siawo la, edo gbe ɖa be, “O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ƒe blaadree nye esi, esi nètrɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe Yerusalem kple Yuda ƒe duwo dzi. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàgakpɔ nublanui na wo?”


Miekpɔ be nye koe nye Mawu oa? Mewua ame, eye menaa agbe ame. Medea abi ame ŋu, eye mewua abi. Ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre Ɖe nu si mewɔ la ŋu o.


Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnui. Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, ame kae aɖe kuku ɖe enu?” Togbɔ be wo fofo gbe nya na wo alea hã la, womeɖo toe o elabena Yehowa ɖo be yeawu wo.


“Yehowa wua ame gagbɔa agbe ame; enana woyia yɔ me eye wògafɔa ame tso yɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa