Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 3:18 - Agbenya La

18 Le esia megbe la, medze sii be, “Mawu le mɔ ɖem be xexea me nalé eƒe nu vɔ̃ mɔ atsɔ, ale be yeate ŋu ado amegbetɔƒomea kpɔ, eye amegbetɔwo ŋutɔ nakpɔe be yewole abe gbemelãwo ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Megblɔ le nye dzi me bena. Amegbetɔviwo ta esia va me do, ne Mawu naɖo wo akpa, eye ne woadze sii be, lãwo yewonye.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 3:18
16 Mawu Ofanana  

aleke wòahanye amegbetɔ si nye aɖi, esi dovo eye wòno nu vɔ̃ɖi abe tsi ene!


“Ɖe nàdo vlo nye afiatsotsoa? Ɖe nàbu fɔm, atso na ɖokuiwòa?


Togbɔ be kesinɔnu geɖewo le amegbetɔ si hã la, manɔ agbe tegbee o, ɖeko wòle abe gbemelã siwo tsrɔ̃na ene.


Woayi tsiẽƒe abe alẽwo ene, eye woanye nuɖuɖu na ku. Ame dzɔdzɔe aɖu wo dzi le ŋdi, woƒe ŋutilãwo aƒaƒã ɖe yɔdo me, eye woate ɖa xaa tso woƒe xɔ gã dranyiwo gbɔ.


Ŋuwò, wò ko ŋu mewɔ nu vɔ̃ ɖo, eye nu si nye vɔ̃ le wò ŋkume la mewɔ, eya ta ne èle nu ƒom la, woaɖee afia be tɔwò dzɔ, eye ne ètso afia la, woagblɔ be ele eteƒe.


mezu bometsila kple numanyala, eye mele abe lã tagbɔkukutɔ ene le ŋkuwò me.


Gbeɖe! Mawu nye anukwaretɔ, eye ame sia ame nye aʋatsokala, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Be woatso afia na wò le wò nyawo me, eye nàɖu dzi ne èdrɔ̃ ʋɔnu.”


Eye nu kae adzɔ ne ewɔ esia be yeaɖe yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnuwo afia ame siwo le mɔ kpɔm na eƒe nublanuikpɔkpɔ, ame siwo wòdzra ɖo do ŋgɔ na eƒe ŋutikɔkɔe la,


Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la,


Elabena, “Amegbetɔwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene, gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, gena,


Gake ame siawo gblɔa busunya le nya siwo gɔme womese o la me. Wole abe lã siwo si nunya mele o, nuwɔwɔ siwo wɔ nu ɖekematsɔlemetɔe kple lã siwo wodzi ko be woalé wo, eye woatsrɔ̃ wo la ene. Eye abe lãwo ene la, woawo hã woatsrɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa