Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 2:17 - Agbenya La

17 Eya ta azɔ la, melé fu agbenɔnɔ blibo la, elabena susu aɖeke mele nu siwo wowɔna le ɣea te la dometɔ aɖeke me o, elabena wo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Tete melé fu agbenɔnɔ, elabena nusiwo wowɔna le ɣea te la, medze ŋunye o, elabena wo katã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 2:17
20 Mawu Ofanana  

Eya ɖeka zɔ mɔ ŋkeke blibo la yi gbedzi. Enɔ anyi ɖe ati aɖe te eye wòdo gbe ɖa be Yehowa nana yeaku. Egblɔ na Yehowa be, “Eglom azɔ, ɖe nye agbe ɖa, mele kuku ge gbe ɖeka kokoko; nyemenyo wu tɔgbuinyewo o.”


“O, ne ɖe nàɣlam ɖe yɔdo me, atsyɔ nu dzinye va se ɖe esime wò dziku nu va yi ɖe! Alo nàɖo ɣeyiɣi nam eye emegbe nàɖo ŋku dzinye ɖe!


Ɖo ŋku ale si nye agbe le du dzii la dzi. Tofloko kae nye si, nèwɔ amegbetɔviwo na!


Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.


Meɖo ta me be madze si nunya, eye manya nu tso tsukuku kple bometsitsi ŋu, ke meva dze sii be esiawo katã nye dagbadagba dzodzro ɖe yame ko;


Ke esi melé ŋku ɖe nu siwo katã mete kpɔ ŋu la, medze sii be wo katã nye tofloko kple yamenu ko, eye viɖe aɖeke mele naneke ŋu le afi aɖeke o.


elabena nu ka ame kpɔna tso eƒe dagbadagba kple eƒe dzi ƒe agbagbadzedze le dɔ siwo katã wòwɔna le ɣea te ŋu la me?


Hekpe ɖe esia ŋu la, mede dzesii be, le anyigba blibo la dzi la, dzɔdzɔenyenye le bubum, nu vɔ̃ wɔwɔ le dzɔdzɔenyenyeteƒe xɔm eye zãnuxɔxɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒewo gɔ̃ hã.


Ale mebu be ame kukuwo tɔ nyo sãa wu agbagbeawo tɔ


eye ame siwo nye dzɔgbenyuitɔwo wu la, woawoe nye ame siwo womedzi o eye womekpɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple nu vɔ̃ siwo xɔ xexea me katã la kpɔ o.


Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzroame ƒe tsaglalãtsatsa le susu me. Drɔ̃ekuku dzodzro le nu nyuiwo ŋu nye bometsitsi eye wòganye dagbadagba ɖe yame ko.


Gbɔgbɔ la kɔm do ɖe dzi, eye wòkɔm dzoe. Meyi le vevesese kple dzikudodo ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti me, eye Yehowa ƒe asi sesẽ la nɔ dzinye


Eya ta Yehowa, meɖe kuku ɖe nye agbe ɖa; enyo nam be maku wu be manɔ agbe.”


Esi ɣe dze la, Mawu na ŋdɔ sesẽ la kplɔ ɣedzeƒeya xɔdzo aɖe va ƒo ɖe Yona dzi va se ɖe esime nu te eŋu vevie, eye wòbia be yeaku, elabena egblɔ be, “Enyo nam be maku wu manɔ agbe.”


Nu ka ta nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm? Nu ka wɔ nèɖe mɔ na nu gbegblẽ wɔwɔ? Elabena gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me eye avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ ƒo xlãm.


Nenye aleae nàwɔm la, ekema meɖe kuku, wum fifi laa, eye wòanye nunyee nève boŋ! Ɖem tso nye xaxa dziŋɔ sia me!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa