Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 2:15 - Agbenya La

15 Eya ta megblɔ le nye dzi me be ale si bometsila aku la, nenema tututue nye hã makue, eya ta viɖe kae le nunya ŋu nam? Medze sii azɔ be nunya gɔ̃ hã, toflokoe;

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Tete megblɔ le nye dzi me be: Nya, si adzɔ ɖe bometsila dzi la kee le dzɔdzɔ ge ɖe nye hã dzinye tso, nukata gɔ̃e nyea medze nunya alea gbegbe ɖo? Eye megblɔ le nye dzi me be: Esia hã toflokoe.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 2:15
9 Mawu Ofanana  

mawɔ nu si nèbia la na wò. Mana dzi nyanu kple dzi si sea nu gɔme la wò ale be tɔwò tɔgbi aɖeke manɔ anyi fifia loo alo akpɔ gbeɖe o.


Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.


Megblɔ le nye dzi me be, “Kpɔ ɖa, menya nu wu ame siwo katã ɖu fia le Yerusalem do ŋgɔ nam. Ɛ̃, nuteƒekpɔkpɔ, nunya kple gɔmesese yɔ nye dzi me fũu wu wo.”


elabena nuxaxa sɔ gbɔ ɖe nunya geɖe me, eye ame sia ame si dzia sidzedze ɖe edzi la, dzia nuxaxa ɖe edzi.


Le nye nugɔmesese nu la, viɖe aɖeke mele naneke ŋu o; nu sia nu nye tofloko ko.


elabena nunyala kple bometsila siaa le kuku ge eye woaŋlɔ wo ame eveawo be keŋkeŋ le ŋkeke siwo gbɔna la me.


Ne wò nyawo sɔ gbɔ la, gɔmesese geɖe manɔ wo ŋu o, ekema nu ka ta nàɖe fu na ɖokuiwò be yeaƒo nu kura?


Nu kae nunyala tsɔ nyo wu bometsila? Viɖe kae ame dahe kpɔna ne enya ale si wòalé eɖokui le amewo ŋkume?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa