Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 2:11 - Agbenya La

11 Ke esi melé ŋku ɖe nu siwo katã mete kpɔ ŋu la, medze sii be wo katã nye tofloko kple yamenu ko, eye viɖe aɖeke mele naneke ŋu le afi aɖeke o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke esi metrɔ kɔ ɖe ɖɔ, siwo katã nye asi wɔ, kple agbagba, siwo medze ɖe wo ŋu ŋutl la, kpɔ ɖa, tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye, eye viɖea ɖeke mele ɣe la te o.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 2:11
13 Mawu Ofanana  

Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia.


Ɖo ŋku ale si nye agbe le du dzii la dzi. Tofloko kae nye si, nèwɔ amegbetɔviwo na!


Mose lé ŋku ɖe dɔ blibo la ŋu. Eyra ameawo, elabena wowɔ dɔ blibo la ɖe ale si Yehowa ɖo nɛ la nu pɛpɛpɛ.


Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.


Meɖo ta me be madze si nunya, eye manya nu tso tsukuku kple bometsitsi ŋu, ke meva dze sii be esiawo katã nye dagbadagba dzodzro ɖe yame ko;


Viɖe kae ame kpɔna tso agbagba siwo katã wòdzena le ɣea te la me?


Nu ka tututu amegbetɔ kpɔna tso dɔ sesẽ wɔwɔ me?


Ame si lɔ̃a ga la, makpɔ ga wòasɔ gbɔ nɛ, adze eŋu gbeɖe o. Enye bometsitsi be ame nabu be kesinɔnuwoe naa dzidzɔkpɔkpɔ ame!


Abe ale si megblɔ do ŋgɔ ene la: Nya sia nye nya sesẽ aɖe, elabena amea ƒe dagbadagba sia katã va zua tofloko kple ayadɔwɔwɔ ko. Eƒe nuwo katã buna.


Ɖe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la meɖoe be amewo ƒe agbagbadzedzewo katã nabi le dzo me eye dukɔwo naka hiã wo ɖokui dzodzro oa?


Ke mawuvɔvɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ nye viɖe gã,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa