Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 11:8 - Agbenya La

8 Ele be ame si tsi, xɔ ƒe geɖe la, nakpɔ dzidzɔ gbe sia gbe le eƒe agbe me, ke wòaɖo ŋku viviti ƒe ŋkekewo dzi, elabena woasɔ gbɔ, eye nu siwo le agbe sia me la nye tofloko sɔŋ ko, ne wotsɔ wo sɔ ɖe agbe kemɛ tɔwo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Elabena ne amegbetɔ nɔ agbe ƒe geɖe la, nekpɔ dzidzɔ le wo katã me, eye wòanɔ ŋku ɖom vivitidogbe dzi be, wole agbɔ sɔ ge; nusiwo katã le vavam la, toflokowoe.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 11:8
32 Mawu Ofanana  

hafi ayi demagbɔnugbe, ne mayi ɖe viviti kple blukɔ ƒe anyigba dzi,


anyigba si dzi zã do blukɔ kpekpekpe le, teƒe si nye blukɔ tsiɖitsiɖi kple tɔtɔ teƒe, afi si kekeli le ko abe viviti ene.’ ”


Gake ne amegbetɔ ya ku la, wotsɔnɛ mlɔa anyie kpoo nenema; egbɔa eƒe gbɔgbɔ mamlɛa eye meganɔa agbe o.


nenemae amegbetɔ mlɔa anyie eye megafɔna o va se ɖe esime dziƒo nu ava yi. Amegbetɔwo magafɔ alo anyɔ tso woƒe alɔ̃dɔdɔ me o.


Ele tsaglalã tsam le nuɖuɖu dim abe akaga ene elabena enya be vivitidogbe la tu aƒe kpokploe.


Wonyanɛ tso kekeli nu yina ɖe viviti me eye woɖenɛ ɖa le xexea me.


Ame si si kesinɔnuwo le, evɔ gɔmesese mele esi o la le abe gbemelã si tsrɔ̃ la ene.


Ma wò nunanawo ɖe akpa adre alo akpa enyi me elabena ɖewohĩ wò ŋutɔ ahiã kpekpeɖeŋu geɖe le ŋkeke siwo ava la me.


Eya ta megblɔ le nye dzi me be ale si bometsila aku la, nenema tututue nye hã makue, eya ta viɖe kae le nunya ŋu nam? Medze sii azɔ be nunya gɔ̃ hã, toflokoe;


Eya ta azɔ la, melé fu agbenɔnɔ blibo la, elabena susu aɖeke mele nu siwo wowɔna le ɣea te la dometɔ aɖeke me o, elabena wo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.


Ame kae anya do ŋgɔ ne vinye ŋutsu anye nunyala loo alo bometsila? Evɔa, ele be woatsɔ nu sia nu si le asinye la nɛ! Esia hã nye tofloko ko!


Elabena Mawu naa nunya, gɔmesese kple dzidzɔ ame siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze le, ke etsɔa dɔ sesẽ wɔwɔ na nu vɔ̃ wɔlawo be woaƒo ƒu nu alo ali kɔ nu, ale be Mawu natsɔ wo ana ame si dze eŋu. Ale eme kɔ ƒãa be esia hã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko ƒe kpɔɖeŋu.


Ate ŋu azu kplɔla na ame akpe akpewo eye ame sia ame alɔ̃e. Ke ne dzidzime yeye la me viwo va tsi la, woɖenɛ le fiazikpui la dzi! Ale esia hã ganye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.


Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu, ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe, eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu. Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na? Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema? Viɖe aɖeke kura mele eme o.


Ne wò nyawo sɔ gbɔ la, gɔmesese geɖe manɔ wo ŋu o, ekema nu ka ta nàɖe fu na ɖokuiwò be yeaƒo nu kura?


Ne ame aɖe anɔ agbe ƒe akpe ɖeka zi eve gake makpɔ dzidzeme aɖeke o la, ekema viɖe kae le eƒe agbenɔnɔ ŋu?


Kpɔ dzidzɔ le dzɔgbenyui ƒe ɣeyiɣiwo me, eye ne dzɔgbevɔ̃e tu wò la, dze sii be Mawue naa dzɔgbenyui kple dzɔgbevɔ̃e siaa, ale be ame sia ame nanya be kakaɖedzi mele naneke ŋu le agbe sia me o.


Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ zi alafa ɖeka eye wòganɔa agbe kokoko hã la, nenyae nyuie be ame siwo vɔ̃a Mawu la tɔ anyo wu godoo.


Ale meɖo ta me be maɖu agbe le nye ŋkekewo katã me elabena mekpɔ be naneke menyo le xexe blibo la me wu be ame naɖu nu, ano nu, akpɔ dzidzɔ o eye amea nakpɔ mɔ be yeanɔ dzidzɔkpɔkpɔ sia dzi le dɔ sesẽ siwo katã Mawu ɖo na amewo katã le afi sia afi la wɔwɔ me.


Eya ta ɖu nu, nàno nu eye nàkpɔ dzidzɔ elabena wò dɔwɔwɔwo dze Mawu ŋu xoxo!


Mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la hafi wòahe viviti vɛ, hafi miaƒe afɔwo nanɔ nu klim le togbɛ dovivitiwo dzi. Miele mɔ kpɔm na kekeli, ke ana wòazu viviti tsiɖitsiɖi eye wòatrɔe wòazu blanuiléle ƒe blukɔ.


Anye viviti kple blukɔ ƒe ŋkeke, eye lilikpo kple viviti tsiɖitsiɖi ado. Abe ale si ŋdikekeli klẽna ɖe towo tame ene la, nenema ke aʋakɔ gã sẽŋu aɖe avae. Ame siawo la, womekpɔ wo tɔgbi kpɔ o, eye womagakpɔ wo tɔgbi kpɔ le xexea me ƒe dzidzimewo dome o!


“Fia la ɖe gbe na eŋutimewo be, ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo, eye miatsɔe aƒu gbe ɖe blukɔ tsiɖitsiɖi me le xexe, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ,’


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli la agaklẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Mizɔ le kekeli la me hafi viviti nagado ɖe mi. Ame si le viviti me zɔm la menya afi si yim wòle o.


O! Nunyalawo woanye hafi anye ne woase nu gɔme; anye ne woanya nu tso nu si me woɖo tae la ŋu!


Wogblɔ na mi be, “Le ɣeyiɣi mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, ame siwo adze woawo ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo yome.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa