Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 10:13 - Agbenya La

13 Eƒe nyawo ƒe gɔmedzedze nyea numanyamanya eye eƒe nyawo ƒe nuwuwu nyea tsukuku vɔ̃ɖi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eƒe nu me nyia ƒe gɔmedzedze enye bometsitsi, eye eƒe nuƒoƒo ƒe nuwuwu enye aɖaʋadzedze vɔ̃ɖi.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 10:13
25 Mawu Ofanana  

Ke Israelviwo fa konyi na fia la be ame siwo tso Yuda koe kpe ɖe eya ŋutɔ kple eƒe aƒemetɔwo ŋu le Yɔdan tɔsisi la tsotso me.


Fia la gblɔ nɛ be, “Ne Yehowa mekpe ɖe ŋuwò o ɖe, nu ka nye, amegbetɔ mate ŋu awɔ? Nuɖuɖu alo wain mele asinye mana wò o.


Fia la ka atam be, “Mawu nefiam, wòagafiam ɖe edzi vevie ne Elisa, Safat ƒe viŋutsu la, ƒe ta aganɔ eƒe kɔ nu egbe.”


Nunyala ɖe sia ɖe wɔa nu kple gɔmesese, ke bometsila ɖea eƒe bometsitsi fiana.


Nunyala yi ʋɔnudrɔ̃ƒe kple bometsila, bometsila le adã fiam, le fewu ɖum eye ŋutifafa meli o.


Bometsila nyaa nu sia nu tso etsɔ si gbɔna la ŋu eye wòƒoa nu tso nu si wònya la ŋu tsitotsito! Ke ame ka tututu ate ŋu anya nu si le dzɔdzɔ ge?


Wò nu megatsɔ blablabla o, eye wò dzi megatsɔ ne wòaƒo nu le Mawu ŋkume o, elabena Mawu le dziƒo ke, le esime wò ya nèle anyigba dzi le afii eya ta mègaƒo nu blablabla o.


Medii le afi sia afi, meɖo ta me kplikpaa be nye asi nasu nunya kple ŋuɖoɖowo na nye biabiawo dzi, eye maɖee fia ɖokuinye be vɔ̃ɖivɔ̃ɖi nye lãdzɔdzɔ, eye bometsitsi nye tsukuku.


Esi Herod kpɔe be ɣletivimenunyalawo flu ye la, dɔ me vee ale gbegbe be wòdɔ asrafowo ɖo ɖe Betlehem kple eƒe nutowo me, be woaɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe ɣeyiɣi si ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ be yewokpɔ ɣletivia la nu.


Ke esi Farisitɔ la kpɔ be Yesu meklɔ ŋui gbã hafi be yeaɖu nu o la, eƒe mo wɔ yaa.


Nuwɔna sia do dziku na Yesu ƒe futɔwo ŋutɔ. Wode asi ɖoɖowɔwɔ me le nu si woate ŋu awɔ Yesu la ŋuti.


Farisitɔ aɖewo nɔ afi ma kpɔ wo, eye wogblɔ na Yesu be, “Nu ka ta miewɔ nu si mele se nu be woawɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o mahã?”


Eya ta nunɔlagãwo wɔ ɖoɖo be yewoawu Lazaro hã,


Le ŋkeke enea gbe la, wogblɔ na Samson srɔ̃ be, “Ble srɔ̃wò nu ne wòaɖe adzo la gɔme na mí. Ne menye nenema o la, míatɔ dzo wò kple fofowò ƒe aƒekɔ la miaku. Ɖe miekpe mí va afi siae be miada adzo mía?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa