5 Ɣe hã dzena eye wòɖoa to; eɖea abla yia afi si wòdze tso.
5 Ɣe dzena, eya ɣe ɖoa to, eye wòɖea abla yia enɔƒe, afisi wòdzena tsona.
Zi ale si anyigba aganɔ anyi ko la, nuƒãɣi kple nuŋeɣi, vuvɔŋɔli kple fifiawɔɣi, pepime kple dzomeŋɔli, ŋkeke kple zã aganɔ anyi kokoko.”
Ale si zinɔ ƒe ve me ƒunae ɖe tɔʋuwo ŋu la, O! Mawu, nenemae nye luʋɔ le diwòm.
Va se ɖe esime aŋutrɔ naƒo ɖe eƒe aklã, abe xevie dzo ɖe kamɔ dzi eye menyae be yeƒe ku le afi ma o la ene
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ne miate ŋu atu nye nu si mebla kple ŋkeke kple zã, ale be ŋkeke kple zã magava ɖe woƒe ɖoɖo nu o la,
Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo nɔƒe le dziƒo esi wokpɔ wò aŋutrɔ bibiawo kple wò akplɔ si le dzo kem miamiamia.