Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 1:1 - Agbenya La

1 Esiawoe nye Nyagblɔla Solomo, Fia David si nɔ Yerusalem la ƒe viŋutsu ƒe nyawo:

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Nyagblɔla, amesi nye Dawid vi, fia le Yerusalem la ƒe nyawo nye esi:

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 1:1
13 Mawu Ofanana  

Ale Fia Solomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel dukɔ blibo la dzi ƒe blaene.


eye kura gɔ̃ hã la, èɖo Nyagblɔɖilawo be woaɖe gbeƒã nya sia le Yerusalem be, ‘Fia le Yuda si!’ Azɔ la, nutsotso sia aɖo fia gbɔ, eya ta va, ne miade aɖaŋu.”


O! Yehowa, meɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gã la dome, eye abe ale si nènya ene la, nyememia nye nu o.


Israel fia Solomo, David ƒe vi ƒe lododowo nye esiawo:


Mitsɔ fetu si wòdze na la nɛ, eye eƒe dɔwɔwɔwo ahe kafukafu vɛ nɛ le dua ƒe agbowo nu.”


Nye, Nyagblɔla, meɖu fia ɖe Israel dzi le Yerusalem.


Nyagblɔla gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nu si ŋu meke ɖo lae nye, woatsɔ nu ɖeka akpe bubu be woanya ɖoɖo si le nuwo me.


Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be magblɔ nyanyui la na ame dahewo. Edɔm ɖa be mayɔ dɔ ame siwo ƒe dzi gbã. Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo, eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me;


“Yi ɖe Ninive, du gã ma me, eye nàɖe gbeƒã nya siwo megblɔ na wò la na wo.”


ne metsɔe ke blema xexemetɔwo o, ke boŋ wòna tsi ɖɔ hetsrɔ̃ mawumavɔ̃la mawo, negbe dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela, Noa kple ame adreawo ko wòɖe;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa