Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 9:8 - Agbenya La

8 O Yehowa, ŋukpe lé mí, míaƒe fiawo, míaƒe dumegãwo kple mía fofowo le ale si míeda vo ɖe ŋuwò la ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Aƒetɔ, mía kple míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo kple mía fofowo, mí amesiwo wɔ nuvɔ̃ de ŋuwò la, mía tɔe nye ŋukpe.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 9:8
15 Mawu Ofanana  

elabena wowɔ nu vɔ̃ le nye ŋkume eye wodo dɔmedzoe nam tso esime mekplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte va se ɖe fifi.”


eye ne wotrɔ susu le anyigba si dzi woɖe aboyo wo yi, wotrɔ dzime eye woƒo koko na wò le aboyonyigba dzi hegblɔ be, ‘Míewɔ nu vɔ̃, míeda vo eye míewɔ nu ŋutasẽtɔe’ la,


Wò to nenɔ te, eye wò ŋkuwo nenɔ ʋuʋu be nàse gbe si dom wò dɔla le ɖa zã kple keli le ŋkuwòme, ɖe wò dɔlawo, Israel dukɔ ta. Meʋu nu vɔ̃ siwo mí Israelviwo, nye ŋutɔ kple fofonye ƒe aƒe míewɔ ɖe ŋuwò la me.


Tso blema ke, ame aɖeke mesee o, to aɖeke mesee o, ŋku aɖeke mekpɔ Mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋuwò, esi kpena ɖe ame siwo le mɔ kpɔm nɛ la ŋu o.


O Yehowa, míedze si míaƒe nu tovowo wɔwɔ kple mía fofowo ƒe nu vɔ̃wo. Vavãe míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.


Israelviwo kple Yudatɔwo tsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ la do dziku nam, woawo ŋutɔwo ƒe fiawo, woƒe dumegãwo, woƒe nunɔlawo, woƒe nyagblɔɖilawo, Yuda ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa.


Yehowa be, ‘Nyee wole dziku dom na? Ɖe menye woawo ŋutɔ boŋue le nuvevi wɔm wo ɖokui hena woƒe ŋukpe oa?’


“Yehowa le dzɔdzɔe, gake metsi tsitre ɖe eƒe se la ŋu. Miɖo to, mi amewo katã, mikpɔ nye fukpekpewo ɖa. Nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo katã yi aboyo me.


“Míewɔ nu vɔ̃ hedze aglã eye mètsɔe ke mi o.


Fiakuku ge le ta na mí. Baba na mí elabena míewɔ nu vɔ̃!


Ekema ne metsɔ nu vɔ̃ siwo katã nèwɔ ke wò la, àɖo ŋku edzi, eye ŋu akpe wò, màgake nu azɔ o le wò ŋukpe ta.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”


Ke le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta la, edze aglã ɖe nye sewo kple ɖoɖowo ŋu wu ale si dukɔ kple anyigba siwo ƒo xlãe la wɔ. Egbe nye sewo, eye mezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.’


Aƒetɔ, mía Mawu la kpɔa nublanui eye wòtsɔa nu vɔ̃ kena togbɔ be míedze aglã ɖe eŋu hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa