Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 9:19 - Agbenya La

19 O Aƒetɔ, ƒu to anyi! O Aƒetɔ, tsɔe ke dzro! O Aƒetɔ, se nu eye nàwɔ nu! Le wò ŋutɔ ta, O nye Mawu, mègahe ɖe megbe o elabena wò Ŋkɔ le wò du kple wò amewo ŋu.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Aƒetɔ, see! Aƒetɔ, tsɔe ke! Aƒetɔ, ɖo ŋku anyi nawɔ nu, eye megahe ɖe megbe o, le wò ŋutɔ ɖokuiwò ta, nye Mawu! Elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe wò du la kple wò dukɔ la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 9:19
32 Mawu Ofanana  

Ɖo to wò subɔla kple Israelviwo ƒe kukuɖeɖe ne wodze ŋgɔ afi sia eye wodo gbe ɖa na wò. Ẽ, se woƒe gbedodoɖa le dziƒo si nye wò nɔƒe eye ne èsee la, ekema nàtsɔ nu vɔ̃wo ake.


ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, kpe ɖe wo ŋu eye nàtsɔ wò ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò la ƒe nu vɔ̃wo ake wo.


ame sia ame si ko ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo, ame siwo mewɔ hena nye ŋutikɔkɔe, ame siwo meme, eye mewɔ.”


O Yehowa, togbɔ be míaƒe nu vɔ̃wo le ɖase ɖim tso mía ŋuti hã la, wɔ nane le wò ŋkɔ la ta, elabena míaƒe megbedede sɔ gbɔ, eye míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.


Aleke nèle abe ame si nane wɔ nuku na alo kalẽtɔ si ƒe ŋusẽ vɔ, eye mate ŋu axɔ na ame o la ene? O Yehowa, èle mía dome, eye wò ŋkɔ le mía ŋu eya ta mègagblẽ mi ɖi o!


Kpɔ ɖa, miedze egɔme le gbegblẽ hem va du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi eye wò ya nèsusu be magbe tohehe na yea? Nyemagbe tohehe na wò o, elabena medɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.’


Ke le nye ŋkɔ ta, mewɔ nu si aɖe nye ŋkɔ tso gudodoe me le dukɔ siwo ŋkume meɖe wo tso Egipte le.


Gake megbugbɔ nye asi ɖe megbe, eye le nye ŋkɔ ta la, mewɔ nu si mado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo ŋkume mekplɔ wo dzoe le la gbɔ o.


Ke le nye ŋkɔ ta, mekplɔ wo do goe tso Egipte dukɔ la me. Mewɔ nu sia be womagado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo dome wonɔ, ame siwo dome meɖe ɖokuinye fia Israel le.


Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “O! Israel ƒe aƒe, menye miawo tae mele nu siawo wɔ ge o, ke nye ŋkɔ kɔkɔe si miedo gui le dukɔ siwo me mieyi la tae.


“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Azɔ la, makplɔ Yakob agbɔe tso aboyome, makpɔ nublanui na Israelviwo katã, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ta.


Ɖo to, O Mawu eye nàse nu; ʋu wò ŋkuwo eye nàkpɔ wò du si ŋu wò Ŋkɔ le la ƒe aƒedozuzu ɖa. Míele nu biam wò le míaƒe dzɔdzɔenyenye ta o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta.


Esi ʋetsuviawo ɖu nukuawo keŋkeŋ vɔ la, medo ɣli be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku, tsɔe ke dzro. Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, elabena enye dukɔ sue aɖe ko?”


O! Meɖe kuku na wò, tsɔ ameawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo le wò lɔlɔ̃ triakɔ si metrɔna o la ta, abe ale si nètsɔ nu vɔ̃wo ke wo ɣe sia ɣi tso esime míedzo le Egipte va se ɖe fifia ene.”


“Ale woayɔ nye ŋkɔ atɔ ɖe Israelviwo ŋu, eye mayra wo.”


“Mele egblɔm na mi be nenye be xɔ̃wòa mefɔ ʋu ʋɔa o, togbɔ be xɔ̃wò wònye hã la, ne èƒo ʋɔa atraɖii la, afɔ ava tsɔ nu sia nu si dim nèle la na wò, elabena èku kutri bia nu si dim nèle la atraɖii.


ale be ame mamlɛawo adi Aƒetɔ la ƒe mɔ kple ame siwo menye Yudatɔwo o siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la. Aƒetɔ la, ame si wɔa nu siawo katã lae gblɔe.’


Mawu ƒe ɖoɖo le nu sia mee nye be mí ame siwo nye ame gbãtɔ siwo dze si Kristo la, míakafui, atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ ɖe dɔ gã siwo katã wòwɔ na mí la ta.


Azɔ la, mitsɔ kafukafu na Mawu ɖe eƒe dɔmenyo gã sia ta. Mikafui ɖe eƒe amenuveve sɔgbɔ si wòkɔ ɖe mía dzi la ta, ɖe esi míenye Via lɔlɔ̃a tɔ ta.


Eƒe susue nye be fifia la, to hame la dzi la, woaɖe Mawu ƒe nunya afia dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo le dziƒonutowo me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa