Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 9:18 - Agbenya La

18 Ɖo to, O Mawu eye nàse nu; ʋu wò ŋkuwo eye nàkpɔ wò du si ŋu wò Ŋkɔ le la ƒe aƒedozuzu ɖa. Míele nu biam wò le míaƒe dzɔdzɔenyenye ta o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Mía Mawu, ƒu to anyi nase nu, eye nake ŋku akpa alesi míetsi gbegbee, kple du, si ŋu woyɔ wò ŋkɔ ɖo la ɖa; elabena menye míaƒe dzɔdzɔenyenye ta mlehɔhɔ mía ɖokui ɖe anyi le koko ƒom na wò ɖo o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe la tae.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 9:18
24 Mawu Ofanana  

Na wò ŋkuwo nanɔ gbedoxɔ sia ŋu zã kple keli, teƒe si ŋu nègblɔ le be ‘Nye ŋkɔ anɔ afi ma’ ale be nàse wò subɔla ƒe gbe si wòado ɖa ɖo ɖe teƒe sia.


O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa.


Melɔ̃ Yehowa, elabena ese nye gbe; ese nye avifafa be wonekpɔ nublanui nam.


O! Yehowa, ɖo ŋku wò lɔlɔ̃ kple wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la dzi, elabena woli tso blema ke.


Yehowa gblɔ nɛ be, “Mekpɔ nye amewo ƒe fukpekpe le Egipte, mese woƒe avifafa le woƒe dɔnunɔlawo ƒe ŋutasesẽ ta. Metsɔ ɖe le woƒe fukpekpe la me,


O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo katã Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa.


ame sia ame si ko ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo, ame siwo mewɔ hena nye ŋutikɔkɔe, ame siwo meme, eye mewɔ.”


O, Yehowa, le nu siawo katã megbe la, ɖe nàgade megbe tso mía ŋua? Ɖe nàzi kpi ahe to na mí wu ale si hiã?


Mí katã míele abe ame makɔmakɔwo ene, eye míaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo katã le abe ɖovu ƒoɖi ene. Mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe nu vɔ̃wo lɔ mi ɖe nu hoo abe ya ene.


O Yehowa, togbɔ be míaƒe nu vɔ̃wo le ɖase ɖim tso mía ŋuti hã la, wɔ nane le wò ŋkɔ la ta, elabena míaƒe megbedede sɔ gbɔ, eye míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.


Aleke nèle abe ame si nane wɔ nuku na alo kalẽtɔ si ƒe ŋusẽ vɔ, eye mate ŋu axɔ na ame o la ene? O Yehowa, èle mía dome, eye wò ŋkɔ le mía ŋu eya ta mègagblẽ mi ɖi o!


Esi wò nyawo va la, meɖu wo, wovivi nunye eye wonye nye dzi ƒe dzidzɔ, elabena wò ŋkɔ le ŋunye, O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu.


Kpɔ ɖa, miedze egɔme le gbegblẽ hem va du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi eye wò ya nèsusu be magbe tohehe na yea? Nyemagbe tohehe na wò o, elabena medɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.’


Ɖewohĩ woabɔbɔ wo ɖokui kple kokoƒoƒo le Yehowa ŋkume eye woatrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi elabena dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ si Yehowa gblɔ ɖi tso ame siawo ŋuti la lolo ŋutɔ.”


Ke azɔ la, nye aƒetɔ fia, meɖe kuku, ɖo to nàsee. Na matsɔ nye biabia aɖo ŋkuwòme: Mègatrɔm ɖo ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe me o, ne menye nenema o la, maku ɖe afi ma.”


Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “O! Israel ƒe aƒe, menye miawo tae mele nu siawo wɔ ge o, ke nye ŋkɔ kɔkɔe si miedo gui le dukɔ siwo me mieyi la tae.


Medi be mianya be nyemele nu siawo wɔm le mia ta o; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Mina ŋu nakpe mi, eye miaɖi gbɔ̃ mia ɖokui le miaƒe wɔnawo ta, O! Israel ƒe aƒe.”


“Aƒetɔ, ènye dzɔdzɔetɔ, ke egbe la, ŋukpe lé mí, Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo kple Israelviwo katã, kpuiƒetɔwo kple didiƒetɔwo siaa, le dukɔ siwo me nèka mí hlẽ ɖo le míaƒe nuteƒemawɔmawɔ na wò ta.


“Ale woayɔ nye ŋkɔ atɔ ɖe Israelviwo ŋu, eye mayra wo.”


Na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, eye woyɔ wo be woanɔ kɔkɔe la kple ame siwo katã le xexea me godoo siwo xɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe woƒe Aƒetɔ ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa