Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 9:11 - Agbenya La

11 Israel blibo la da le wò sewo dzi, wotrɔ le yowòme, eye wogbe toɖoɖo wò eya ta wotrɔ fiƒode kple atam siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe dɔla Mose ƒe sewo me la, kɔ ɖe mía dzi elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Israel blibo la da wò nufiamewo dzi, eye wòle de aga hegbe wò gbesese, eyata fiƒode kple atam, siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe dɔla Mose ƒe sea me la, va mía dzi, elabena míewɔ nuvɔ̃ de eŋu.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 9:11
30 Mawu Ofanana  

Eva eme alea elabena Israelviwo gbe toɖoɖo Yehowa, woƒe Mawu la eye womewɔ nu si wòdi be woawɔ la o, ke boŋ woda le eƒe nubabla la dzi eye wogbe se siwo katã Mose, Yehowa ƒe dɔla de na wo la dzi wɔwɔ.


Yehowa ƒe gbee nye esi: mahe dzɔgbevɔ̃e va teƒe sia kple eƒe amewo dzi ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe agbalẽ si Yuda fia xlẽ la nu.


Nyitsu nyaa eƒe aƒetɔ, eye tedzi nyaa eƒe nuɖuƒe, ke Israel menyam o, eye nye amewo mese nye nyawo gɔme o.”


eya ta mado ŋunyɔ ame ŋkuta siwo le wò gbedoxɔ me. Matsɔ Yakob ade asi na gbegblẽ, eye Israel na fewuɖuɖu.”


ekema nàgblɔ na wo be elabena mia fofowo gblẽm ɖi hedze mawu bubuwo yome; wosubɔ wo eye wode ta agu na wo. Wogbem eye womelé nye seawo me ɖe asi o.


Yehowa be, “Nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋutinye ɖo?” Evɔ mi katã miedze aglã ɖe ŋutinye.


Wò lɔlɔ̃tɔwo katã ŋlɔ wò be, wometsɔ ɖeke le eme na wò o. Metu nu kpli wò abe ale si futɔ awɔ wòe ene, eye mehe to na wò abe ale si ŋutasẽla awɔe ene, elabena wò agɔdzedze lolo ŋutɔ, eye wò nu vɔ̃wo hã sɔ gbɔ.


Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo.


Ke azɔ la, Yehowa na wòva eme tututu abe ale si wògblɔe la ene. Esia katã va eme elabena mi ame siawo miewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe o.


Esi Yehowa magate ŋu atsɔ miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu siwo miewɔ o ta la, miaƒe anyigba zu ɖiŋudonu, aƒedo kple gbegbe eye amewo meganɔ dzi o, abe ale si wòle egbea ene.


Esi miedo dzudzɔ ʋeʋĩ, hewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe alo wɔ eƒe sewo, ɖoɖowo kple dɔdeasiwo dzi o tae dzɔgbevɔ̃e sia va mia dzi ɖo, abe ale si miele ekpɔm egbea ene.”


Oo, anyigba, see. Mele gbegblẽ he ge va dukɔ sia dzi, esia nye woƒe tameɖoɖowo ƒe metsonu, elabena womeɖo to nye nyawo o, eye wogbe nye se dzi wɔwɔ.


Woawoe nye Egipte, Yuda, Edom, Amon, Moab kple ame siwo katã le dzogbenyigba siwo le didiƒe la dzi, elabena le nyateƒe me la, dukɔ siawo katã metso aʋa o. Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã metso aʋa le dzi me o.”


Abe ale si woŋlɔ ɖe Mose ƒe sewo me ene la, dzɔgbevɔ̃e sia katã dzɔ ɖe mía dzi, míedi Yehowa, mía Mawu la ƒe amenuveve to asiɖeɖe le míaƒe nu vɔ̃wo ŋu kple ŋkuléle ɖe wò nyateƒe la ŋu me o.


míewɔ nu vɔ̃ eye míeda vo. Míesẽ ŋuta eye míedze aglã. Míeɖe asi le wò ɖoɖowo kple sewo ŋuti.


Ke ɖe nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla, nyagblɔɖilawo la meva mia fofowo dzi oa? “Le esia ta la, wotrɔ dzi me gblɔ be, ‘Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la wɔ na mí ɖe míaƒe mɔwo kple wɔnawo nu abe ale si wòɖoe be yeawɔ ene.’ ”


Wona woƒe dziwo sẽ abe hlihãkpe ene, elabena womedi be yewoase nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nyawo kple se siwo metsɔ na wo to nye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kple nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã la dzi o. Esia ta nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, medo dɔmedzoe ɖe wo ŋuti ɖo.


Esi mienye ɖiŋudonu le dukɔwo dome ta la, O! Yuda kple Israel, maɖe mi, eye mianye yayra. Migavɔ̃ o, mido ŋusẽ miaƒe alɔwo.”


abe ale si Yehowa na dukɔ bubuwo tsrɔ̃ va yi la ene. Miawo hã miatsrɔ̃ nenema ke, ne miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe seawo dzi o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa