Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 8:4 - Agbenya La

4 Menɔ ŋku lém ɖe agboa ŋu esi wònɔ dzo dam ɖo ta ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe. Lã aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe enu o eye ɖeke mete ŋu xɔ nu léle le esi o. Ewɔ nu si dze eŋu eye wòkpɔ ŋusẽ ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Mekpɔ agbo la wòle dzo dam ɖo ta ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe gome, eye lãa ɖeke menɔ te ɖe enu o, amea ɖeke mete ŋu xɔ ame le esi me o, ewɔ alesi dze eŋu, eye wòkpɔ ŋusẽ eteƒe mekɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 8:4
18 Mawu Ofanana  

Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.’ ”


evɔ nènya be nyemedze agɔ o eye ame aɖeke mate ŋu axɔm le wò asi me oa?


To dziwò míetutu míaƒe futɔwo do ɖe megbe, eye to wò ŋkɔ me míenya avuzi le míaƒe futɔwo dzi.


“Bu esia ŋuti, wò ame si ŋlɔ Mawu be, ne menye nenema o la, mavuvu wò kakɛkakɛ, eye ame aɖeke maxɔ wò le asinye o.


Ne menye nenema o la, woavuvum abe ale si dzata vuvua nui ene, eye woavuvum ʋayaʋaya, xɔnametɔ aɖeke mava ɖem o.


Esi mietsɔ axadame kple abɔta mimi lã ŋusẽmanɔŋutɔwo katã ɖo, eye mietu dzo wo va se ɖe esime mienya wo de gbe la,


Anyigbemeʋakɔwo awɔ nu si adze wo ŋu, ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe wo ŋu o. Ava ɖo eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Anyigba Nyui la dzi eye ŋusẽ anɔ esi be wòagblẽ nu.


“Fia la awɔ nu si adze eŋu. Ado eɖokui ɖe dzi eye wòawɔ eɖokui gãe wu mawu ɖe sia ɖe ale be wòagblɔ nya masekpɔwo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋuti. Nuwo adze edzi nɛ va se ɖe dziku ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu elabena ele be woawu nu si woɖo ɖi la nu.


Le teƒe kɔkɔ si Mawu nae ta la, amewo katã kple dukɔwo katã kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe gblɔlawo vɔ̃nɛ eye wobunɛ. Ame siwo fia la di be yeawu la, ewua wo. Ame siwo wòdi be yeana woatsi agbe la, enana wotsia agbe. Ame siwo wòdi be yeado ɖe ŋgɔ la, edoa wo ɖe ŋgɔ. Ame siwo wodi be yeabɔbɔ ɖe anyi la, ebɔbɔa wo ɖe anyi.


Le zã ma ke me la, wowu Belsazar, Babilonia fia la


“Lã evelia si ɖi sisiblisi la nɔ tsitre ɖe nye ŋkume. Wofɔ eƒe akpa ɖeka ɖe dzi eye agbaƒuti etɔ̃ nɔ eƒe nu me le eƒe aɖuwo dome. Wogblɔ nɛ be, ‘Tso eye nàɖu lã wòasu wò!’


Mekpɔe wòlũ ɖe agbo la dzi dɔmedzoetɔe, tu dzoe eye wòŋe eƒe dzo eveawo. Ŋusẽ menɔ agbo la ŋu wòatrɔ anɔ te ɖe enu o. Gbɔ̃tsu la ƒoe ƒu anyi, tu afɔ edzi eye naneke mete ŋu ɖee le eƒe asi me o.


Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔwo kple ame geɖewo dome abe dzata le lã wɔadã siwo le ave me kple dzatavi le alẽhawo dome ene. Dzatavi si le yiyim la, enyea avuzi hevuvua nu eye ame aɖeke mate ŋu axɔ nu le esi o.


Ele abe nyitsuvi ene Le ŋusẽ kple ɖekadzedze me. Eto dzo abe to ƒe dzowo ene; Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi. Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewo kple Manase tɔ akpe akpewo.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa