Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 8:26 - Agbenya La

26 “Ŋutega si wona nèkpɔ tso fiẽ kple ŋdi ŋu la nye nyateƒe gake dzra ŋutega la ɖo ɖe wò dzi me elabena eku ɖe ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Fiẽ kple ŋdi ƒe ŋutega, si ŋu woƒo nu le na wò la, nyateƒee; dzra ŋutega la ɖo ɖe ta me, elabena eteƒe le didi ge.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 8:26
11 Mawu Ofanana  

Woaƒo wo nu ƒu abe gamenɔla siwo le gaxɔ globo me ene. Woanɔ gaxɔ me, eye woahe to na wo le ŋkeke geɖe megbe.


“Ame vi, Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be, ‘Ŋutega si wòkpɔna la ava eme le ƒe geɖewo megbe, eye wògblɔa nya ɖi tso ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.’


Le Sirus, Persia fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Daniel, ame si wogayɔna be Beltesazar la xɔ ɖeɖefia aɖe. Nya si wòhe vɛ la nye nyateƒe eye wòku ɖe aʋa gã aɖe ŋu. Gbedeasi la gɔmesese va nɛ le ŋutega aɖe me.


Azɔ la, meva be maɖe nu si ava dzɔ ɖe wò amea dzi le etsɔ me la na wò elabena ŋutega la ku ɖe nu siwo le ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ la ŋuti.”


“Azɔ la, magblɔ nyateƒe la na wò. Fia etɔ̃ agava zi dzi le Persia, enelia akplɔ wo ɖo, ame si akpɔ hotsui wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ. Ne eva kpɔ ŋusẽ to eƒe hotsuikpɔkpɔ me la, ade adã ta me na amewo katã ɖe Grik fiaɖuƒe la ŋu.


Ke wò, Daniel, dzra nya siawo ɖo eye nàtre lãgbalẽgbalẽ la me nyawo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo. Ame geɖewo ayi afii kple afi mɛ be yewoadzi yewoƒe nunya ɖe edzi.”


Eɖo eŋu nam be, “Daniel, heyi elabena wowu nyawo nu eye wotre wo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo.


Esi dziɖegbe adreawo ƒo nu la, menɔ klalo be maŋlɔ nu, gake mese gbe aɖe tso dziƒo gblɔ nam be, “Tre nu si dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye mègaŋlɔe da ɖi o.”


Tete wògblɔ nam be, “Mègatre nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me la nu o, elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa