Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 8:24 - Agbenya La

24 Azu ame sesẽ aɖe ŋutɔ gake menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o. Agblẽ nuwo nyamanyama eye wòakpɔ dzidzedze le nu sia nu si wòawɔ la me. Atsrɔ̃ ŋutsuwo kple ame kɔkɔewo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ŋusẽ anɔ eŋu, ke menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o, agblẽ nu eteƒe makɔ o, eye eƒe nuwɔwɔ adze edzi nɛ, eye wòatsrɔ ame geɖewo kple ame kɔkɔewo ƒe dukɔ la.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 8:24
15 Mawu Ofanana  

Mekpɔ ame vɔ̃ɖi, ŋutasẽla aɖe wòda ama nyuie abe ati dama si dzɔ kple anyigba la ene.


Ne wonyi dzo kplii vɔ la, awɔ nu ayetɔe eye wòato ame ʋɛ siwo susɔ la dzi ava zi dzi.


Ŋutsu si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye wòle tsitre ɖe tɔsisi la tame la, do eƒe ɖusibɔ kple miabɔ ɖe dziƒo eye mese wòta ame si le agbe tso mavɔ me yi mavɔ me la gblɔ be, “Anye le ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã megbe, nenye be woŋe ame kɔkɔeawo ƒe ŋusẽ mlɔeba la, ekema nu siawo katã ava eme.”


Aƒo nu atsi tsitre ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, ate eƒe ame kɔkɔeawo ɖe to eye wòate kpɔ be yeatrɔ ɣeyiɣi ɖoɖowo kple sewo. Woatsɔ ame kɔkɔeawo ade asi nɛ ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã.


Etsi va se ɖe esime wòtɔ dziƒo ŋu, ena ɣletivi aɖewo ge va dze anyigba eye wòtu afɔ wo dzi.


Edo eɖokui ɖe dzi ɖe aʋakɔwo ƒe Fia la ŋu eye wòxɔ gbe sia gbe ƒe vɔsalã le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la.


Le aglãdzedze ta la, wotsɔ ame kɔkɔewo ƒe aʋakɔ la kple gbe sia gbe ƒe vɔsa de asi nɛ. Nu sia nu si wòwɔ la dze edzi nɛ eye wòtsɔ nyateƒe ƒu gbe ɖe anyigba.


“Le woƒe dziɖuɖu ƒe nuwuwu lɔƒo esime aglãdzelawo ƒe aglãdzedze ado gã ɖe edzi la, fia vlo aɖe si nye ayetɔ gã aɖe la, ado.


elabena wokɔ wò ame kɔkɔewo kple wo nyagblɔɖilawo ƒe ʋu ɖe anyi, eye nèkpe ʋu na wo be woano abe ale si dze wo ene.”


elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me be woana eƒe tameɖoɖo nava eme ne woalɔ̃ atsɔ woƒe ŋusẽ ana lã la ne wòatsɔ aɖu dzii va se ɖe esime Mawu ƒe nyawo nava eme.


Mekpɔ be nyɔnu la mu ame kɔkɔewo kple ame siwo ɖi ɖase le Yesu ŋuti la ƒe ʋu. Esi mekpɔe la, nye mo wɔ yaa.


elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe. Ebu fɔ gbolo gã la, ame si do gu anyigba to eƒe ahasiwɔwɔwo me. Ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo ƒe ʋu ta.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa