Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 8:18 - Agbenya La

18 Esime wònɔ nu ƒom nam la, menɔ alɔ̃ me ʋĩi eye metsyɔ mo anyi. Eka asi ŋunye eye wòfɔm ɖe tsitre.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye esi wole nu ƒom kplim la, ŋuzi tsɔm metsyɔ mo anyi. Tete wòka asi ŋunye hefɔm ɖe tsitrenu ɖe nɔnyeƒe.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 8:18
13 Mawu Ofanana  

Esi ɣe nɔ to ɖom la, Abram dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eye wòkpɔ ŋutega dziŋɔ aɖe.


Le drɔ̃ewo me le zã me, esi amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la,


Esi wòƒo nu la, Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, fɔm ɖe tsitre, eye mesee wònɔ nu ƒom nam.


Kasia, nane si le abe amegbetɔ ene la, ka asi nye nuyiwo ŋu, tete meke nye nu hede asi nuƒoƒo me. Megblɔ na ame si tsi tsitre ɖe gbɔnye la be, “Nye Aƒetɔ, vɔvɔ̃ ɖom le ŋutega la ta eye ŋusẽ vɔ le ŋunye.


Nu si ɖi amegbetɔ la gaka asi ŋunye eye wòna ŋusẽ gaɖo ŋunye.


Esi wògogo afi si metsi tsitre ɖo la, vɔvɔ̃ ɖom eye metsyɔ mo anyi. Egblɔ nam be, “Ame vi, se egɔme be ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ŋu.”


Ɖeɖi te nye, Daniel ŋu eye menɔ dɔba dzi ŋkeke aɖewo. Emegbe mefɔ eye meyi fia la ƒe dɔwɔwɔ dzi. Ŋutega la wɔ nuku nam ŋutɔ; ekɔ wu amewo ƒe gɔmesese.


Mawudɔla si ƒo nu kplim la, trɔ gbɔ va nyɔm abe ɖe menɔ alɔ̃ dɔm ene.


Mlɔeba la, etso le gbedoɖaƒe, eye wòtrɔ yi eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ, gake eva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm, elabena konyifafa na be woƒe lãme gbɔdzɔ.


Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la, wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu, eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ.


Ke nu bubu sãa tae wotsɔ nya ɖe ŋunye fifia, eyae nye be mele mɔ kpɔm be Mawu awɔ eƒe ŋugbe si wòdo na mía tɔgbuitɔgbuiwo la dzi.


Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye, eye wògblɔ be, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa