Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 7:7 - Agbenya La

7 “Le esia hã megbe la, megakpɔ lã enelia le nye ŋutega la me le zã me wònɔ nye ŋkume; ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ nɔ eŋu eye wòsẽ ŋu ŋutɔ. Gaɖu titriwo nɔ nu me nɛ. Evuvua lã, ɖunɛ eye wòtua afɔ esi susɔ la dzi. Eto vovo tso lã kemɛawo gbɔ eye wòto dzo ewo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Emegbe mekpɔ lã enelia le ŋutega me le zã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le eŋu, eye wòsesẽ ŋutɔ, eto gaɖu kakowo, eɖu nu gbã nu, eye wòtanya mamlea kple afɔ, eto vovo tso lã, siwo katã do ŋgɔ nɛ la gbɔ, eye wòto dzo ewo.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 7:7
17 Mawu Ofanana  

Metu wo, wozu abe ke ene. Megbã wo, wokaka abe ʋuʋudedi si le ablɔwo dzi ene.


Ame ka ate ŋu ake eƒe nu, nu si me aɖuwo katã kpe ɖe wo nɔewo nu le kple vɔvɔ̃?


Le Mawu ƒe ŋutegawo me la, ekplɔm yi Israelnyigba dzi, eye wòdam ɖe to kɔkɔ aɖe ŋutɔ dzi. Xɔ aɖewo le to kɔkɔ sia ƒe dziehe lɔƒo, eye wòdze abe du gã aɖee ene.


Le zã me la, Mawu ɖe nya ɣaɣla sia fia Daniel le ŋutega me. Ale Daniel kafu dziƒo ƒe Mawu la


“Le nye ŋutega me le zã me la, mekpɔ ame aɖe si le abe amegbetɔ vi ene wògbɔna kple dziƒo ƒe lilikpowo. Egogo Blema Mawu la eye wokplɔe yi eŋkumee.


Daniel gblɔ be, “Le nye ŋutega me la, mekpɔ be dziƒo ƒe ya eneawo nɔ nye ŋkume eye wonɔ atsiaƒu gã la nyamam.


Etsi va se ɖe esime wòtɔ dziƒo ŋu, ena ɣletivi aɖewo ge va dze anyigba eye wòtu afɔ wo dzi.


Dzo ene siwo to ɖe ɖeka si woŋe teƒe lae nye fiaɖuƒe ene siwo ado tso eƒe dukɔ me gake ŋusẽ ma tɔgbi ke manɔ wo ŋu o.


Esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ ŋutsu aɖe wòlé nudzidzeka ɖe asi.


Emegbe la, dzesi bubu gadze le dziƒo: ʋɔ driba gã dzẽ aɖe si to ta adre, dzo ewo, eye fiakuku adre le tawo nɛ la va do.


Ale ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe atsiaƒu la to. Tete mekpɔ lã wɔadã aɖe wòdo go tso atsiaƒu me gbɔna. Eto dzo ewo kple ta adre; fiakuku ewo nɔ dzoawo dzi, eye woŋlɔ busuŋkɔwo ɖe ta adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.


“Dzo ewo siwo nèkpɔ la nye fia ewo siwo si fiaɖuƒe mesu haɖe o la, gake woana dziɖuɖuŋusẽ wo abe fiawo ene, kpe ɖe lã la ŋu hena gaƒoƒo ɖeka.


Tete mawudɔla la biam be, “Nu ka ta wò mo wɔ yaa ɖo? Maɖe nyɔnu la kple lã si dom wòle, lã si to ta adre kple dzo ewo la ƒe nu ɣaɣla me na wò.


Lã si nèkpɔ la nɔ anyi tsã, gake megali fifia o, eye ado tso ʋe globo la me ayi eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. Anyigbadzitɔ siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me o la ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la, elabena enɔ anyi tsã, ke megali fifia o, gake agatrɔ ava.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa