Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 7:5 - Agbenya La

5 “Lã evelia si ɖi sisiblisi la nɔ tsitre ɖe nye ŋkume. Wofɔ eƒe akpa ɖeka ɖe dzi eye agbaƒuti etɔ̃ nɔ eƒe nu me le eƒe aɖuwo dome. Wogblɔ nɛ be, ‘Tso eye nàɖu lã wòasu wò!’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Lã evelia ɖi sisiblisi, eye wotsɔe ɖo go ɖeka me; agbaƒuti etɔ̃ le nu me nɛ le eƒe aɖuwo dome, eye wogblɔ nɛ bena. Tso naɖu lã geɖe!

Onani mutuwo Koperani




Daniel 7:5
14 Mawu Ofanana  

Elisa trɔ kpɔ wo eye wòƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Enumake sisiblisinɔ eve do go tso ave aɖe me va vuvu wo ame blaene-vɔ-eve.


Enyo be nàdo go sisiblisi si ŋu woɖe viwo le wu esi nàdo go bometsila le eƒe bometsitsi me.


Miva, mi lã wɔadãwo katã. Miva ne miavuvu nu, mi avemelã wɔadãwo katã!


“Azɔ la, magblɔ nyateƒe la na wò. Fia etɔ̃ agava zi dzi le Persia, enelia akplɔ wo ɖo, ame si akpɔ hotsui wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ. Ne eva kpɔ ŋusẽ to eƒe hotsuikpɔkpɔ me la, ade adã ta me na amewo katã ɖe Grik fiaɖuƒe la ŋu.


“Fiaɖuƒe bubu aɖe, si made tɔwò nu o la, ava ɖe tɔwò yome. Emegbe la, fiaɖuƒe etɔ̃lia si nye akɔblitɔ la aɖu anyigba katã dzi.


“Perez: Woma wò fiaɖuɖu me eye wotsɔe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo.”


“Gbãtɔ le abe dzata ene eye wòto hɔ̃ ƒe aʋala. Melé ŋku ɖe eŋu va se ɖe esime wotu aʋala la ɖa le eŋu, wokɔe tso anyigba, ale be wòtsi tsitre ɖe afɔ eve dzi abe amegbetɔ ene eye wotsɔ amegbetɔ ƒe dzi nɛ.


“Le esia megbe la, mekpɔ lã bubu wònɔ nye ŋkume. Lã sia ɖi lãkle. Aʋala ene nɔ dzime nɛ abe xevi ƒe aʋalawo ene. Lã la to ta ene eye wona ŋusẽe be wòaɖu fia.


Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi dzoe ene, mavuvu wo akɔ ɖi abe dzatanɔ ene. Lã wɔadã aɖe avuvu wo viwo akɔ ɖi.


Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle, gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata tɔ ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa