Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 7:4 - Agbenya La

4 “Gbãtɔ le abe dzata ene eye wòto hɔ̃ ƒe aʋala. Melé ŋku ɖe eŋu va se ɖe esime wotu aʋala la ɖa le eŋu, wokɔe tso anyigba, ale be wòtsi tsitre ɖe afɔ eve dzi abe amegbetɔ ene eye wotsɔ amegbetɔ ƒe dzi nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Gbãtɔ ɖi dzata, eye wòto aʋala abe hɔ̃ ene; meɖe ŋku ɖee, vaseɖe esime wotu aʋala te eŋu, eye wokɔe dzi tso anyigba hetsɔe ɖo afɔ dzi abe amegbetɔ ene, eye wona ame ƒe dzii.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 7:4
27 Mawu Ofanana  

Saul kple Yonatan, le agbe me la, wolɔ̃ wo eye wovea ame nu. Le ku me hã wo me mema o. Woɖi du wu hɔ̃wo, eye wosẽ wu dzatawo.


aleke amegbetɔ si nye ŋɔvi kple ame vi si nye ŋɔ la ayi nane nye ge le eŋkume!”


O! Yehowa, ƒo wo ƒu anyi kple ŋɔdzi; na dukɔwo nanya be amegbetɔwo yewonye. Sela.


Agblẽ eƒe ave ɖi abe dzata ene, eye woƒe anyigba azu gbegbe le ameteɖetola ƒe yi kple Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.


Kpɔ ɖa! Egbɔna abe lilikpowo ene, eƒe tasiaɖamwo le du dzi abe ahomya ene eye eƒe sɔwo ɖea abla wu hɔ̃wo. Baba na mí! Míetsrɔ̃ vɔ!


“Dzata aɖe do tso eƒe do me, dukɔwo gblẽla aɖe tso dze mɔ. Etso le enɔƒe be wòava wɔ miaƒe anyigba wòazu gbegbe, ne wòawɔ miaƒe duwo woazu aƒedowo eye amewo manɔ wo me o.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, hɔ̃ aɖe dzo gbɔna, eɖo asagba, keke eƒe aʋalawo me ɖe Moab dzi.


“Maɖe Edom ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka, abe ale si dzata doa go tso Yɔdan ƒe ave dodowo me gena ɖe gbe damawo dzi ene. Ame ka wotia da ɖi ne matɔ asi edzi wòawɔ esia? Ame ka le abe nye ene eye ame kae aʋli ho kplim? Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?”


Ame siwo le mía yome tim la ɖia du wu hɔ̃ le yame; woti mía yome le towo dzi eye wode xa ɖi na mí le gbegbe.


Gblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. Hɔ̃ lolo aɖe si ŋu aʋala sesẽ siwo ŋu fu didiwo le, eye wòto fu amadede vovovowo la, va Lebanon. Esi wòdze ɖe sedati aɖe tame la,


“Ame vi, gblɔ na Tiro fia be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le wò dzi ƒe dada me la, ègblɔ be, “ ‘Mawu aɖe menye, menɔ anyi ɖe fia aɖe ƒe fiazikpui dzi le atsiaƒu titina.’ Ke amegbetɔ ko nènye, menye mawu aɖekee nènye o, togbɔ be èbuna be yenya nu abe mawu aɖe ene hã.


Ɖe nàgblɔ le ɣe ma ɣi me be, ‘Mawu aɖee menye’ le ame siwo le wuwòm la ŋkumea? Amegbetɔ ko nènye, mènye mawu aɖeke o, le ame siwo le wuwòm la ƒe asi me.


amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxeviwo de asiwò me. Afi sia afi si wole la, Mawu na nènye wo katã dzi ɖula. Wòe nye ta ma si nye sika.


Le ɣe ma ɣi ke esi Mawu gbugbɔ nye susu ɖo te la, egbugbɔ nye bubu kple atsyɔ̃ hã nam hena nye fiaɖuƒe la ƒe bubu. Aɖaŋudelawo kple ametsitsiwo gbugbɔm ɖo nye fiazikpui dzi eye mexɔ ŋkɔ azɔ wu tsã gɔ̃ hã.


Woxɔ ŋusẽ le lã bubuawo si gake wona be woanɔ agbe hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko.


“Lã evelia si ɖi sisiblisi la nɔ tsitre ɖe nye ŋkume. Wofɔ eƒe akpa ɖeka ɖe dzi eye agbaƒuti etɔ̃ nɔ eƒe nu me le eƒe aɖuwo dome. Wogblɔ nɛ be, ‘Tso eye nàɖu lã wòasu wò!’


Minyae be afi si nu kuku le la, afi ma akagawo nɔna.”


“Yehowa akplɔ dukɔ aɖe si ƒe gbe mèse o la tso didiƒe ke, wòava dze dziwò abe ale si hɔ̃ dzea eƒe nuɖuɖu dzi ene.


Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle, gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata tɔ ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa