Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 7:2 - Agbenya La

2 Daniel gblɔ be, “Le nye ŋutega me la, mekpɔ be dziƒo ƒe ya eneawo nɔ nye ŋkume eye wonɔ atsiaƒu gã la nyamam.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Daniel xlẽe fia gblɔ bena: Mekpɔ le nye ŋutega me le zã me be, dziƒo ƒe ya eneawo lɔ atsiaƒu gã la ɖe nu.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 7:2
13 Mawu Ofanana  

O! Dukɔ geɖewo ƒe agbodzedze. Wodze agbo abe tɔ dzeagbo ene! O! Woƒe amewo ƒe hoowɔwɔ. Wole hoo wɔm abe tɔ dzeagbowo ƒe hoowɔwɔ ene.


Makplɔ ya eneawo tso dziƒo ƒe dzogoe eneawo dzi aƒu Elam. Makaka wo ɖe ya eneawo dzi eye dukɔ aɖeke manɔ anyi si ke me womakpɔ Elam ƒe aboyomewo le o.


Atsiaƒu aɖɔ agbagba ɖe Babilonia dzi eƒe ƒutsotsoe dzeagbowo aŋe atsyɔ edzi.


Ne eva zi dzi teti ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, amae ɖe dziƒoya eneawo dzi. Fiaɖuƒe la manɔ anyi na eƒe dzidzimeviwo alo wòawɔ ŋusẽ si le esi la ŋu dɔ o, elabena woaxɔ eƒe fiaɖuƒe la atsɔ ana ame bubuwo.


Le zã me la, Mawu ɖe nya ɣaɣla sia fia Daniel le ŋutega me. Ale Daniel kafu dziƒo ƒe Mawu la


“Le nye ŋutega me le zã me la, mekpɔ ame aɖe si le abe amegbetɔ vi ene wògbɔna kple dziƒo ƒe lilikpowo. Egogo Blema Mawu la eye wokplɔe yi eŋkumee.


“Le esia hã megbe la, megakpɔ lã enelia le nye ŋutega la me le zã me wònɔ nye ŋkume; ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ nɔ eŋu eye wòsẽ ŋu ŋutɔ. Gaɖu titriwo nɔ nu me nɛ. Evuvua lã, ɖunɛ eye wòtua afɔ esi susɔ la dzi. Eto vovo tso lã kemɛawo gbɔ eye wòto dzo ewo.


Le nye ŋutega la me la, mekpɔ ɖokuinye be mele Susa fiadu la me le Elam nutogã me. Le ŋutega la me la, mekpɔ hã be menɔ Ulai tɔsisi la to.


Gbɔ̃tsu la va xɔ ŋkɔ ale gbegbe gake le eƒe ŋusẽ ƒe kɔkɔƒe la, eƒe dzo biɖa la ŋe eye dzo titri ene to ɖe eteƒe do ɖe dziƒoya eneawo gbɔ.


Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye gbɔgbɔ ene siwo tso dziƒo, wonɔa anyigba la ƒe Aƒetɔ ŋkume ɖaa; ke azɔ la, edɔ wo ɖe dɔgbe.


eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩe, eye woayi aɖaƒo ame titiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe ɖeka dzi yi bubu dzi.


Mawudɔla la yi edzi gblɔ nam be, “Tsi siwo nèkpɔ, esiwo dzi gbolo la nɔ anyi ɖo la nye amewo, amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo.


Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wona be ya eneawo magaƒo ato anyigba, atsiaƒu alo ati aɖeke dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa