Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 7:14 - Agbenya La

14 Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple gãnyenye ƒe ŋusẽ nɛ eye amewo katã kple dukɔwo katã kple ame siwo tso gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me la subɔe. Eƒe dziɖuɖu nye dziɖuɖu si anɔ anyi tegbee, dziɖuɖu si nu matso o eye eƒe fiaɖuƒe nye esi womagbã gbeɖe o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 7:14
41 Mawu Ofanana  

ne dukɔwo kple fiaɖuƒewo ƒo ƒu be woasubɔ Yehowa.


Yehowa ɖo eƒe fiazikpui anyi ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe le wo katã dzi ɖum.


Wò fiaɖuƒe la nye fiaɖuƒe mavɔ, eye wò fiaɖuɖu anɔ anyi le dzidzimewo katã me. Yehowa awɔ nuteƒe le eƒe ŋugbedodowo katã me, eye wòaɖe lɔlɔ̃ afia ame siwo katã wòwɔ.


Yehowa le fia ɖum tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. O! Zion, wò Mawu la aɖu fia le dzidzimewo katã me. Mikafu Yehowa.


O! Mawu, wò fiazikpui ali ke tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò fiaɖuƒe la ƒe tsiamiti anye nuteƒewɔwɔ ƒe atikplɔ.


Fiawo katã ade ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe,


Eƒe ŋkɔ nenɔ anyi ɖaa, eye nenɔ anyi zi ale si ɣe le keklẽm. Woayra dukɔwo katã to eya amea dzi, eye woayɔe be yayratɔ.


Èwɔe be wòanye agbo ɖe wò asinudɔwɔwɔ dzi; eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.


Woaɖo fiazikpui anyi le lɔlɔ̃ me. Ŋutsu aɖe si atso David ƒe aƒe me la, anɔ edzi le nuteƒewɔwɔ me. Ame sia adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòado dzɔdzɔenyenye ɖe ŋgɔ.


eya ta dukɔ alo fiaɖuƒe si agbe be yemasubɔ mi o la, atsrɔ̃, eye woagbãe gudugudu.


elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí. Dziɖuɖu le eƒe abɔta, eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be, “Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ, Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia.”


Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔ eƒe fiaɖuƒe ŋu o. Aɖu fia le fofoa David ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me, ne woafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso ɣe ma ɣi yi ɖe mavɔ me. Nu sia ava eme, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe didi vevie awɔe ade goe.


Tete gayibɔ la, tsu la, akɔbli la, klosalo la kple sika la gbã gudugudu le ɣeyiɣi ɖeka ma me eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene. Ya ƒo wo dzoe eye wo teƒe megadze o. Ke kpe si dze legba la, trɔ zu to gã aɖe eye wòxɔ anyigba blibo la dzi.


O fia, wòe nye fiawo dzi fia la. Mawu si le dziƒo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽ kpakple bubu,


“Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Tete gbeƒãɖela do ɣli sesĩe gblɔ be, “Nu si wode se be miawɔe nye esi: O amewo, dukɔwo kple gbe ɖe sia ɖe gblɔlawo,


Eƒe dzesiwo lolo ŋutɔ, eye eƒe nukunuwo tri akɔ ŋutɔŋutɔ. Eƒe Fiaɖuƒe nye fiaɖuƒe mavɔ eye eƒe dziɖuɖu li tso dzidzime yi dzidzime.


Nyee de se be le nye fiaɖuƒea me la, ame sia ame navɔ̃ eye wòade bubu Daniel ƒe Mawu ŋu. “Elabena eyae nye Mawu gbagbe la eye wòanɔ anyi tegbee; Womagbã eƒe fiaɖuƒe la o eye eƒe dziɖuɖu nu matso o.


Ke Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo axɔ fiaɖuƒe la eye wòanye wo tɔ tegbee, ɛ̃, tegbetegbe.’


Ekema woatsɔ dziɖuɖu, ŋusẽ kple fiaɖuƒewo ƒe gãnyenye le dziƒo blibo la ana ame kɔkɔeawo, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe amewo. Eƒe fiaɖuƒe la anye fiaɖuƒe mavɔ, dziɖulawo katã asubɔe eye woaɖo toe.’


Xɔnametɔwo ava Zion to la dzi eye woaɖu Esau ƒe todziduwo dzi tso afi ma. Fiaɖuƒe sia anye Yehowa tɔ!


Mawɔ tekunɔwo woazu ame mamlɛawo, eye ame siwo wonya la nazu dukɔ sẽŋu aɖe. Yehowa aɖu fia ɖe wo dzi le Zion to dzi tso gbe ma gbe heyi tegbee.


Egblɔ yi edzi be, “Fofonye tsɔ nu siwo katã nye nyateƒe la de asi nam. Fofo la koe nya ame si ƒomevi Vi la nye, eye Vi la kple ame siwo Vi la ɖee fia la koe nya Fofo la.”


Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de asi nam,


Ale wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe dzi, eye eƒe fiaɖuƒe mawu nu akpɔ o.”


Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam, eye ame aɖeke menya Vi la o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke hã menya Fofo la o, negbe Vi la kple ame siwo wòlɔ̃ ɖe eɖokui fia la ko.”


Ameha la biae be, “Míesee le Se la me be Kristo la anɔ agbe tegbee. Nu ka ta nèbe ‘woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi’ ɖo? Ame kae nye Amegbetɔ Vi sia?”


Fofo la lɔ̃a Via sia ale gbegbe be etsɔ nu sia nu de asi nɛ.


Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta, eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me,


ame si yi ɖe dziƒo, ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime, eye mawudɔlawo, dziɖulawo kple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.


eya ame si wɔ mí be míanye fiaɖuƒe kple nunɔla siwo asubɔ eƒe Mawu kple Fofoa, eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la, eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒo nutowo me bena, “Xexea me ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”


Woawɔ aʋa kple Alẽvi la, gake Alẽvi la aɖu wo dzi, elabena eyae nye aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ kple fiawo ƒe Fia la, eye eƒe ame tiatiawo, ame siwo wòyɔ kple ame siwo dze eyome le anukware me la anɔ egbɔ.”


Mana ame si ɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa