Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 6:6 - Agbenya La

6 Ale amegãwo kple dziɖulawo ƒo ƒu yi fia la gbɔ eye wogblɔ nɛ be, “O Fia Darius, nɔ agbe tegbee!

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye ŋutsuawo gblɔ bena: Míele nyaa ɖeke kpɔ ge le Daniel sia ŋu o, negbe ɖe eƒe mawusubɔsubɔ ŋu ko.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 6:6
13 Mawu Ofanana  

Megblɔ na fia la be, “Fia nenɔ agbe tegbee.”


Woɖo babla, wole ŋu tsam, hele ŋku lém ɖe nye afɔɖeɖewo ŋu, eye wotsi dzi ɖe nye agbetsɔtsrɔ̃ ŋuti.


Va se ɖe ɣe ka ɣi nànɔ ame ɖeka ƒoƒo dzi? Ɖe mi katã mialé ame si le abe gli gbagbã kple kpɔ si le mumum ene la aƒu anyia?


Tete ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ le Aramgbe me be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Lĩ drɔ̃e la na wò subɔlawo, eye míaɖe egɔme.”


Wogblɔ na Fia Nebukadnezar be, “O fia, nɔ agbe tegbee.


Esi fia dada se fia la kple eƒe ame ŋkutawo ƒe nuƒoƒo la, ege ɖe kplɔ̃ɖoƒe la eye wògblɔ be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Mègana wò dzika natso o. Mègana wò mo nafu kpĩi alea o.


Tete ame siawo yi le ha me ɖakpɔ Daniel wònɔ gbe dom ɖa henɔ kpekpeɖeŋu biam Mawu.


Daniel ɖo eŋu be, “O fia, nɔ agbe tegbee!


Esi mɔmefia la bia gbe wo la, Tertulo ƒo nu ɖe wo nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ Felix, le wò kpɔkplɔ nyui la te la, mí Yudatɔwo míekpɔ tomefafa kple bubu, eye amewo megakpɔa mí abe nu tsɛ aɖewo ko ene o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa