Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 6:27 - Agbenya La

27 Eɖea ame eye wòxɔna na ame. Le dziƒowo kple anyigba dzi siaa. Eɖe Daniel tso dzatawo ƒe asi me.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Nyee de se be, Daniel ƒe Mawu nadzi ŋɔ, eye woavɔ̃e le nye dziɖuɖu ƒe fiaɖuƒe blibo la me, elabena Mawu gbagbe wònye, eye wòli tegbee, eƒe fiaɖuƒe nu meyina o, eye eƒe dziɖuɖu li vaseɖe nuwuwu.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 6:27
23 Mawu Ofanana  

Ke eɖea ame siwo le fu kpem la le woƒe fukpekpewo me eye wòƒoa nu na wo le woƒe xaxa me.


Wò fiaɖuƒe la nye fiaɖuƒe mavɔ, eye wò fiaɖuɖu anɔ anyi le dzidzimewo katã me. Yehowa awɔ nuteƒe le eƒe ŋugbedodowo katã me, eye wòaɖe lɔlɔ̃ afia ame siwo katã wòwɔ.


ame si ɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me. Èkɔm ɖe dzi gbɔ nye futɔwo ta, eye nèɖem tso ŋutasẽlawo ƒe asi me.


Ena dziɖuɖu gãwo eƒe fia la; eɖe amenuveve si nu meyi o la fia David, eƒe amesiamina la kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.


Wòe nye nye bebeƒe, àɖem tso xaxa me, eye àtsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsohawo aƒo xlãm. Sela


O! Aƒetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi nànɔ te akpɔ wo ase ɖo? Ɖe nye agbe tso woƒe nu gbegblẽwo me, ɖe nye agbe xɔasi tso dzata siawo ƒe asi me.


Mi ame siwo lɔ̃a Yehowa la, mitsri vɔ̃, elabena edzɔa etɔ siwo wɔa nuteƒe la ƒe agbe ŋuti, eye wòɖea woƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.


Ke Yehowa koe nye nyateƒe ƒe Mawu, eyae nye Mawu gbagbe kple Fia mavɔ. Ne ebi dzi la, anyigba ʋuʋuna eye dukɔwo mate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu o.


“Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Megblɔ nya siawo vɔ hafi gbe aɖe ɖi tso dziƒo o. Gbe la ɖi be, “Nu siwo woɖo be woadzɔ ɖe wò Fia Nebukadnezar dzi lae nye, woaxɔ wò fianyenye le asiwò.


Le ɣeyiɣi ma ƒe nuwuwu la, nye Nebukadnezar, mewu mo dzi, kpɔ dziƒo eye wogbugbɔ nye susu ɖo te nam. Tete mekafu Dziƒoʋĩtɔ la, mede bubu eŋu eye medoe ɖe dzi, eya ame si li tegbee. Seɖoƒe meli na eƒe dziɖuɖu o; eye eƒe fiaɖuƒe anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.


Wobua anyigbadzitɔwo katã be womele ɖeke me o. Ewɔa nu si dzea eŋu kple dziƒoŋunuwo kple anyigbadzitɔwo. Ame aɖeke mate ŋu ahe eƒe asi ɖe megbe loo alo abiae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?”


Esi wòte ɖe do la ŋu la, eyɔ Daniel kple nublanuigbe be, “Daniel, Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu si nèsubɔna atraɖii la te ŋu ɖe wò tso dzatawo ƒe asi mea?”


Yesu gblɔ nɛ be, “Mia dometɔ aɖeke maxɔ dzinye ase o, dzaa miekpɔ dzesi kple nukunuwo?”


Do wò asi ɖa be míate ŋu ada gbe le dɔnɔwo ŋu, awɔ nukunu gãwo le wò dɔla Kɔkɔe, Yesu, ƒe ŋkɔ me.”


Mawu ŋutɔ hã ɖo kpe woƒe ɖaseɖiɖi dzi to dzesiwo, nukunuwo kple nukudɔ vovovowo dzi, eye wòna Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunana amewo le ale si wòlɔ̃ nu.


David bia ŋutsu siwo nɔ tsitre ɖe egbɔ la be, “Nu kae woawɔ na ŋutsu si awu Filistitɔ sia ahaɖe ŋukpe sia ɖa le Israel ŋu? Ame kae nye Filistitɔ, bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa