Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 6:25 - Agbenya La

25 Tete Fia Darius ŋlɔ agbalẽ na eƒe amewo katã, dukɔwo kple ame siwo tso gbegbɔgblɔwo katã me le anyigba la dzi la be, “Eme nenyo na mi ŋutɔŋutɔ!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye fia la ɖe se be, woatsɔ ŋutsu, siwo tso Daniel nu, wo viwo kple wo srɔ̃wo aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do la me; ke womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzatawo tso wo xɔ, eye wogbã woƒe ƒuwo katã o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 6:25
14 Mawu Ofanana  

Esiae nye fia la ƒe ŋuɖoɖo na agbalẽ la: Na: Rehum dudzikpɔlagã, agbalẽŋlɔla, Simsai kple woƒe kpeɖeŋutɔ siwo le Samaria kple Frat tɔsisi la godo; Medo gbe na mi,


Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi la, woyɔ agbalẽŋlɔla siwo katã le fiasã me la ƒo ƒu, woŋlɔ agbalẽ ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe si wogblɔna le fiaɖuƒe la me la me. Wowɔe ɖe Haman ƒe sedede nu na fia la ƒe dɔnunɔlawo, mɔmefia siwo le nutowo me dzi kpɔm kple gbegbɔgblɔ vovovowo ƒe ame ŋkutawo. Woŋlɔ lɛta la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ eƒe ŋkɔsigɛ de ete.


Ale wode ka ve nɛ ɖe kadeveti si wòtu na Mordekai la ŋu, eye fia la ƒe dziku nu fa.


Enumake woyɔ agbalẽŋlɔla siwo le fia la ƒe dɔ me la vɛ le ɣleti etɔ̃lia si woyɔna be, Sivan la ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-etɔ̃a gbe. Azɔ woŋlɔ Mordekai ƒe gbedeasi siwo ɖom wòle ɖe Yudatɔwo, dumegãwo, mɔmefiawo kple bubume siwo le nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre (127) si keke tso India yi ɖase ɖe Kus ƒe liƒowo dzi ke la me. Woŋlɔ gbedeasi siawo ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me, eye woŋlɔe na Yudatɔwo hã ɖe woƒe degbe me.


Ame si ɖe ʋe, heku eme wògoglo nyuie la age dze ʋe si eya ŋutɔ ɖe la me.


Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me; ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me. Ŋugbledede. Sela


Woɖea ame dzɔdzɔe tso fu me eye wòvaa ame vɔ̃ɖi la dzi boŋ.


Tete gbeƒãɖela do ɣli sesĩe gblɔ be, “Nu si wode se be miawɔe nye esi: O amewo, dukɔwo kple gbe ɖe sia ɖe gblɔlawo,


Gbedeasi tso Fia Nebukadnezar, Gbɔ na amewo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me tɔwo le xexea me katã. Eme nenyo na mi katã!


woahe to si wòbu be woahe na ame kemɛ la hafi la na eya ŋutɔ boŋ. To mɔ sia dzi, eye nàɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome.


ame siwo wotia le Mawu, Fofo la ƒe nunya nu, to Gbɔgbɔ la ƒe ŋutikɔklɔ ƒe dɔwɔwɔ me, hena toɖoɖo Yesu Kristo kple eƒe ʋuhehlẽ la me. Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.


Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ blibo me, to sidzedze Mawu kple Yesu míaƒe Aƒetɔ la me.


Amenuveve, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa