Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 6:24 - Agbenya La

24 Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wolé ame siwo tsɔ aʋatsonya ɖe Daniel ŋu la de dzatawo ƒe do la me kple wo srɔ̃wo kple wo viwo. Womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzataawo lé wo, vuvu wo eye wogbã woƒe ƒuwo o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, eye wòɖe se be, woaɖe Daniel le do la me. Eye woɖe Daniel le ɖo la me, ke naneke mewɔe o, elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 6:24
13 Mawu Ofanana  

Ke mewu hlɔ̃dolawo ƒe viwo o, abe ale si Yehowa de se gblɔ woŋlɔ ɖe Mose ƒe Segbalẽa me ene bena, “Womawu fofowo ɖe viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta.”


Ale wode ka ve nɛ ɖe kadeveti si wòtu na Mordekai la ŋu, eye fia la ƒe dziku nu fa.


ame siwo nye Hamedata ƒe viwo, Haman, Yudatɔwo ƒe futɔ la ƒe viŋutsu ewoawo, gake womeha woƒe afunyinu aɖeke o.


gake esi nugbeɖoɖo la dze go to Ester dzi na fia la, ena woŋlɔ agbalẽ, ɖe gbe be nu vɔ̃ɖi si Haman ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la, neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye be eya kple viawo la, woade ka ve na wo,


Vɔ̃ negbugbɔ va ame siwo le ŋunye gblẽm la dzi, tsrɔ̃ wo le wò nuteƒewɔwɔ ta.


Woɖea ame dzɔdzɔe tso fu me eye wòvaa ame vɔ̃ɖi la dzi boŋ.


Womagbe tohehe na aʋatsoɖasefo o eye ame si trɔa alakpa kɔna ɖi bababa la atsrɔ̃.


Melala dzigbɔɖitɔe va se ɖe fɔŋli, gake èŋe nye ƒuwo abe dzata ene, eye zã kple keli nèna nye agbe wu enu.


“Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Mieɖo tom o, miena ablɔɖe hã mia haviwo o. Eya ta azɔ la, meɖe gbeƒã ‘ablɔɖe’ na mi, ‘ablɔɖe’ be miatsi yi, dɔvɔ̃ kple dɔwuame ƒe asi me, eye matsɔ mi awɔ ŋɔdzidonu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã.


Fia la ƒe gbeɖeɖe nu sẽ, eye dzokpo la hã ƒe dzoxɔxɔ nu sẽ ale gbegbe be dzo la ƒe aɖewo wu asrafo siwo kɔ Sadrak, Mesak kple Abednego ƒu gbe ɖe kpodzo la me.


“Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa