Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 6:23 - Agbenya La

23 Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye wòɖe gbe be woaɖe Daniel le do la me. Esi woɖe Daniel le do la me la, womekpɔ abi aɖeke le eŋu o elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Nye Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòde ga nu na dzatawo, be womewɔ nanekem o, elabena nyemeɖi fɔ le eŋku me o, eye nyemeɖi fɔ le wò fia ŋku me hã o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 6:23
18 Mawu Ofanana  

Hiram kpɔ dzidzɔ le Solomo ƒe nya siawo ŋu. Egblɔ be, “Woakafu Yehowa be wòna vi nyanu aɖe David be wòaɖu fia ɖe Israel dukɔ gã la dzi.”


Wodo gbe ɖa na Mawu, bia eƒe kpekpeɖeŋu eye wòkpe ɖe wo ŋu le woƒe ŋuɖoɖo ɖe eŋu ta. Ale woɖu Hagritɔwo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo dzi.


Yuda ƒe aʋakɔ la ho ŋdi kanyaa yi Tekoa gbegbe. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, Yehosafat tɔ ameawo eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Yuda kple Yerusalemtɔwo. Mixɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se ekema miaɖu dzi! Mixɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se ekema nu sia nu adze edzi na mi!”


Elabena melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi; nyemewɔ vɔ̃ hetrɔ le nye Mawu yome o.


Ke Yehowa kpena ɖe wo ŋu, eye wòɖea wo tso dzɔgbevɔ̃e me; eɖea wo tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, eye wòkpena ɖe wo ŋu, elabena eyae wosi tso.


Yetro kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu sia nu si Yehowa wɔ na Israelviwo kple ale si wòkplɔ wo dzoe le Egipte la ŋuti.


Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.


Àna be ame si ƒe susu ku ɖe ŋuwò la nanɔ ŋutifafa gã aɖe me, elabena eɖo ŋu ɖe ŋuwò.


Ne woda mí ɖo ɖe kpodzoa me la, Mawu si míesubɔna la ate ŋu aɖe mí tso eme eye wòaɖe mí tso wò asi me, O fia.


Fia la gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mekpɔ ame ene, wole tsa ɖim le dzo la me; womebla wo o, nuvevi aɖeke mewɔ wo hã o eye ame enelia ɖi mawuwo ƒe viŋutsuvi aɖe.”


Esi fia la se nya sia la, ese veve ŋutɔ. Eɖo kplikpaa be yeaɖe Daniel eye wòdze agbagba ɖe sia ɖe be yeaɖee va se ɖe ɣe ɖo to.


Tete fia la trɔ yi eƒe fiasã me. Meɖu nu fiẽ ma o eye womewɔ dzidzɔdonamenu aɖeke hã nɛ o. Mete ŋu dɔ alɔ̃ o.


Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.”


ame siwo to xɔse me xɔ fiaɖuƒewo, ɖu dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye woƒe asi su nu si ƒe ŋugbe wodo la dzi. Ame siawo de ga nu na dzatawo,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa