Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 6:13 - Agbenya La

13 Tete wogblɔ na fia la be, “O fia, Daniel, ame si nye aboyome siwo tso Yuda la dometɔ ɖeka la metsɔa ɖeke le eme na wò alo lé se si nèna woŋlɔ la me ɖe asi o. Egadoa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe kokoko.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Tete wova fia la gbɔ ƒo nu kplii le fia ƒe se la ŋu bena: Ɖe mèŋlɔ ŋkɔ ɖe sea te be, amesiame, si abia nu mawu alo amegbetɔ bubua ɖe le ŋkeke blaetɔ̃ me, eye menye tso wò fia si ko o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe ɖo me oa? Fia la ɖo ŋu gblɔ bena: Nya la le eme ɖe Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se, si metrɔna o la nu.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 6:13
9 Mawu Ofanana  

Tete Haman te ɖe Fia Ahasuerus ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Dukɔ tɔxɛ aɖe me tɔwo kaka ɖe wò fiaɖuƒe la ƒe nutowo katã me. Woƒe sewo to vovo tso dukɔ ɖe sia ɖe tɔ gbɔ. Gawu la, womewɔa fia la ƒe sewo dzi o, eya ta mede fia la dzi ne wòaɖe asi le wo ŋu be woanɔ agbe o.


Ame siawo dometɔ aɖewo nye Yudatɔwo. Woawoe nye Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria.


Ariɔk kplɔ Daniel yi fia la gbɔ enumake, eye wògblɔ nɛ be, “Mekpɔ ame aɖe le aboyo me si tso Yudatɔwo dome, ame si ate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme na fia la!”


eye ame sia ame si mamlɔ anyi ade ta agu o la, woadae ɖe kpodzo si me dzo le bibim le la me.


Ke Yudatɔ aɖewo li, ame siwo nètsɔ ɖo dziɖuɖu ƒe nyawo nu le Babilonia siwo nye Sadrak, Mesak kple Abednego, ame siwo metsɔa ɖeke le eme na wò o. O fia, womesubɔa wò mawuwo o, eye womedea ta agu na sikalegba si nèli la o.”


Le ɣeyiɣi sia me la, ɣletivimenunyala aɖewo va tso Yudatɔwo nu.


Ale wokplɔ Daniel va fia la ŋkume eye fia la biae be, “Wòe nye Daniel, aboyome siwo fofonye, fia la kplɔ vɛ tso Yuda la dometɔ ɖeka?


woawoe Yason na sitsoƒee ɖe eƒe aƒe me. Wo katã da le Kaisaro ƒe se dzi le gbɔgblɔm be fia bubu aɖe li si ŋkɔe nye Yesu.”


Petro kple apostoloawo gblɔ be, “Ele na mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke menye ɖe amegbetɔ tɔ dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa