Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 5:9 - Agbenya La

9 Ale vɔvɔ̃ gaɖo Fia Belsazar ɖe edzi wu eye eƒe mo gafu kpĩi ɖe edzi wu. Eƒe ame ŋkutawo hã tɔtɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tete vɔvɔ ɖo fia Belsazar, eye eƒe mo fu tititi, eye dzidzi ƒo eƒe amegãwo.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 5:9
12 Mawu Ofanana  

Eda eƒe aŋutrɔ, eye wòkaka eƒe futɔwo, eɖo dzikedzo ɖa, eye wòtɔtɔ wo.


Dzidzi ƒo wo, eye wose veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.


Bia eye nàkpɔe ɖa be, Ɖe ŋutsu afɔ fu ahadzi via? Ekema, nu ka ta mekpɔ ŋutsu sesẽ ɖe sia ɖe le asi lilim eƒe ƒodo dzi abe nyɔnu si le ku lém ene, eye woƒe mowo fu tititi ale?


“Míese nutsotso geɖe tso wo ŋu eya ta míaƒe alɔwo ku ɖe mia ŋu. Ŋɔdzi lé mí eye míese veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.


Ale nye ɖeka metsi anyi henɔ ŋutega la kpɔm. Ŋusẽ vɔ le ŋunye, nye mo fu kpĩi eye wɔna vɔ le ŋunye.


Le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me la, Nebukadnezar ku drɔ̃ewo, eƒe susu ɖe fu nɛ eye megatea ŋu dɔa alɔ̃ o.


Fia la ƒe mo fu kpĩi eye dzidzi ƒoe ale gbegbe be eƒe klowo de asi wo nɔewo ƒoƒo me kpakpakpa eye eƒe afɔwo gbɔdzɔ le ete.


Esi Fia Herod se nya sia la, dzika tso eya kple Yerusalem dua me nɔlawo katã ƒo.


Tete anyigbadzifiawo, bubumewo, aʋafiawo, hotsuitɔwo, kalẽtɔwo kple kluvi ɖe sia ɖe kple ablɔɖevi ɖe sia ɖe yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agadowo me kple agakpewo dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa