Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 5:5 - Agbenya La

5 Tete amegbetɔ ƒe asibidɛ dze eye wòŋlɔ nu ɖe gli si ŋu wosi akalo ɖo la eye wòte ɖe akaɖiti si le fiasã la me ŋu. Fia la lé ŋku ɖe asibidɛ la ŋu esi wònɔ nua ŋlɔm.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Enumake kasia amegbetɔ ƒe asibiɖe va ŋlɔ nu ɖe fiasã la ƒe gli, si wosi akalo na la ŋu le akaɖitia ŋgɔdze. Eye esi fia la kpɔ asi, si ŋlɔ nua la,

Onani mutuwo Koperani




Daniel 5:5
15 Mawu Ofanana  

ame vɔ̃ɖiwo ƒe nukoko nu mesena yina o, eye Mawumavɔ̃lawo ƒe aseyetsotso nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko.


Ame si woka mo na zi gede gake wògbe lia kɔ la, atsrɔ̃ zi ɖeka kpata xɔnamemanɔŋutɔe.


Babilonia fia se nya tso wo ŋu xoxo eye eƒe lãme fa. Vɔvɔ̃ ɖoe eye wòse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.


Megblɔ nya siawo vɔ hafi gbe aɖe ɖi tso dziƒo o. Gbe la ɖi be, “Nu siwo woɖo be woadzɔ ɖe wò Fia Nebukadnezar dzi lae nye, woaxɔ wò fianyenye le asiwò.


Enumake nu si wogblɔ ɖe Nebukadnezar ŋu la va eme. Wonyae ɖa tso amewo dome eye wòɖu gbe abe nyi ene. Zãmu dza ɖe edzi va se ɖe esime eƒe taɖa to abe hɔ̃ ƒe fuwo ene eye eƒe fewo to abe xevi ƒe fewo ene.


Wokplɔ nunyalawo kple dzosalawo va nye ŋkume be woaxlẽ nuŋɔŋlɔ la eye woaɖe egɔme nam gake womete ŋu ɖe egɔme nam o.


Esi wonɔ aha la nom la, wokafu sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ kple ati kple kpe ƒe mawuwo.


Fia la ƒe mo fu kpĩi eye dzidzi ƒoe ale gbegbe be eƒe klowo de asi wo nɔewo ƒoƒo me kpakpakpa eye eƒe afɔwo gbɔdzɔ le ete.


Tete fia la ƒe nunyalawo katã va, ke womete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ la alo ɖe egɔme na fia la o.


eye wòtutu nya si wotsɔ ɖe mia ŋuti la ɖa, vodada siawo nye eƒe se siwo dzi mieda le la. Etsɔ nu vɔ̃ siawo katã klã ɖe atitsoga ŋuti, eye wòɖe wo ɖa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa