Esiawo kple evea katã ava dziwò le aɖabaƒoƒo ɖeka me le ŋkeke ɖeka dzi. Viwòwo atsrɔ̃, eye nàzu ahosi. Wo katã woava dziwò pɛpɛpɛ togbɔ be afakalawo kple gbesa sesẽ geɖewo le asiwò hã.
“Minyre aŋutrɔwo, mitsɔ akpoxɔnuwo! Yehowa de adã ta me na Media fiawo elabena eƒe taɖodzinue nye be wòatsrɔ̃ Babilonia. Yehowa abia hlɔ̃, abia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.
Ke ne dzo ɖo lãme na wo vɔ keŋ la, maɖo nuɖukplɔ̃ na wo, eye mana woamu aha, ale gbegbe be woado ɣli anɔ nu kom xaxaxa, emegbe woadɔ alɔ̃ tegbee, eye womanyɔ akpɔ o.” Yehowae gblɔe.