Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 5:3 - Agbenya La

3 Ale wotsɔ sikanu siwo wolɔ tso Mawu ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem la vɛ eye fia la, eƒe ame ŋkutawo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãviwo no wain le wo me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete woɖatsɔ sikanu, siwo wofɔ le Mawu ƒe aƒe ƒe gbeɖoxɔ me le Yerusalem la vɛ, eye fia la kple eƒe amegãwo, srɔawo kple eƒe ahiãwo no nu le wo me.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 5:3
11 Mawu Ofanana  

Elɔ nu siwo katã le Mawu ƒe gbedoxɔ me, nu suewo kple gãwo siaa kple Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nu xɔasiwo kple fia ƒe dɔnunɔlawo ƒe nu xɔasiwo katã yi Babilonia.


Eya ta nuɖuɖu le yɔdo dzrom vevie, eye wòke eƒe nu ɖi baa, eya ta Yerusalem ƒe ame ŋkutawo kple ame hahoawo age dze eme kple woƒe dzidzɔkpɔkpɔwo kple aglotutuwo katã.


Miɖo to miase Babilonia ƒe aʋaléleawo kple aʋasilawo ƒe nya si gblɔm wole le Zion tso ale si Yehowa, míaƒe Mawu la bia hlɔ̃ woe, ebia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.


Esime Belsazar nɔ eƒe wain nom la, eɖe gbe be woatsɔ sikanu kple klosalonu siwo fofoa, Nebukadnezar lɔ tso Yerusalem gbedoxɔ me la vɛ ale be fia la, eƒe ame ŋkutawo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãviwo nano wain le wo me.


Le esiawo katã teƒe la, èdo ɖokuiwò ɖe dzi, ɖe Dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu. Èna wofɔ eƒe kpluwo tso eƒe gbedoxɔ me vɛ na wò eye wò kple wò ame ŋkutawo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo mieno wain le wo me. Èkafu klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe ƒe mawuwo, mawu siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu alo sea nu gɔme o. Mède bubu Mawu si lé wò agbe kple wò mɔwo katã ɖe eƒe asi me la ŋu o


Esi wonɔ aha la nom la, wokafu sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ kple ati kple kpe ƒe mawuwo.


Menyae be nyee naa bli, aha yeye, ami, sika kple klosalo si wòtsɔ le eƒe mawu, Baal subɔmii la ye o.


Emegbe wohona dzona abe ya si ƒo va yi la ene gake woƒe nu vɔ̃ do agba ɖe wo dzi elabena wotsɔ woƒe ŋusẽ wɔ woƒe mawue.”


“Ke miawo ya miedo gui hele gbɔgblɔm be, ‘Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o,’ eye ‘edzinuɖuɖu le ŋu nyɔm.’


Esime amewo le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe, eye mate ŋu asi le enu o ene.


Le ɣe ma ɣi me la, fia aɖeke menɔ Israel o. Ŋutsu aɖe tso Levi ƒe viwo dome nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe kɔƒe aɖe me. Etsɔ ahiãvi tso Betlehem le Yuda.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa