Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 5:29 - Agbenya La

29 Le Belsazar ƒe gbeɖeɖe nu la, wodo aɖabɛwu na Daniel, de sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ eye wona wòzu dziɖula ŋusẽtɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Tete Belsazar de se be, woata aɖahɛ na Daniel, woatsɔ sika kɔsɔkɔsɔ ade kɔ nɛ, eye woado kpo le eŋgɔ be, eyae nye dziɖula etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 5:29
7 Mawu Ofanana  

Tete Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ de na Yosef; edo aklala biɖibiɖi ƒe awu nɛ, eye wòde sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ.


Mordekai, Yudatɔ la nye amegã si kplɔ Fia Ahasuerus ɖo. Exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome. Wo katã wobunɛ, elabena ewɔ nu si wòate ŋui la na Yudatɔwo ƒe nyonyo kple woƒe dzidzimeviwo ƒe dedinɔnɔ.


Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta kple kɔga anɔ kɔwò.


Tete fia la tsɔ Daniel da ɖe ɖoƒe kɔkɔ aɖe eye wòtsɔ nunana geɖewo nɛ. Etsɔe ɖo Babilonia nuto la katã me nu, eye wòna wòzu Babilonia nunyalawo katã ƒe tatɔ.


Azɔ la, mese be àte ŋu aɖe nuwo gɔme eye nènya ta na nyadzɔdzɔ sesẽwo. Ne àte ŋu axlẽ nuŋɔŋlɔ la eye nàɖe egɔme nam la, woado aɖabɛwu na wò, woade sikakɔsɔkɔsɔ kɔ na wò eye woana nàzu dziɖula gãtɔ etɔ̃lia le nye fiaɖuƒe la me.”


Fia la na woyɔ eƒe bokɔwo, ɣletivimenunyalawo kple dzotɔwo vɛ. Tete fia la gblɔ na Babilonia nunyala siawo be, “Ame si axlẽ nuŋɔŋlɔ sia eye wòaɖe egɔme nam la, woado aɖabɛwu nɛ, woade sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ eye woana wòazu dziɖula ŋusẽtɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.”


eye wòtsɔ amegã etɔ̃ ɖo wo nu. Ame siawo dometɔ ɖekae nye Daniel. Dziɖulawo ana akɔnta amegãwo ale be fia la mabu naneke o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa