Daniel 5:12 - Agbenya La12 Wokpɔe dze sii be Daniel, ame si fia la yɔna be Beltesazar la, nunya kple gɔmesese le tagbɔ nɛ kpe ɖe ŋutete be wòaɖe drɔ̃ewo kple adzowo gɔme ŋu eye wònya nu si woawɔ le nya sesẽwo me. Na woayɔ Daniel ne wòaɖe nuŋɔŋlɔ la gɔme na wò.” Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191312 elabena gbɔgbɔ triakɔ, sidzedze kple nunya le esi, eye wòdea drɔ̃ewo, adzowo kple nya manyatanuwo gɔme; eyama nye Daniel, amesi fia la tsa ŋkɔ na be Beltsazar. Eyata woayɔ Daniel va, ekema aɖe egɔme. Onani mutuwo |
Tete Daniel, ame si woyɔna hã be Beltesazar la tɔtɔ ŋutɔ ɣeyiɣi aɖe eye eƒe susu do ŋɔdzi nɛ. Ale fia la gblɔ nɛ be, “Beltesazar, mègana drɔ̃e la kple eƒe gɔmeɖeɖe nado ŋɔdzi na wò o.” Beltesazar ɖo eŋu be, “Nye Aƒetɔ, ɖe drɔ̃e la aku ɖe wò futɔwo ŋu eye eƒe gɔmeɖeɖe alɔ ame siwo dia vɔ̃e na wò ɖe eme hafi!