Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 4:6 - Agbenya La

6 Ale meɖe gbe be woakplɔ nunyala siwo katã le Babilonia la vɛ be woaɖe drɔ̃e la gɔme nam.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Wò Beltsazar, dzotɔwo ƒe tatɔ, wò amesi me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le menye, eye nya ɣaɣlaa ɖeke mele vivi me de wo o, gblɔ nye ŋutega, si mekpɔ le drɔ̃e me la, eye naɖe egɔme.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 4:6
10 Mawu Ofanana  

Tete Farao yɔ eƒe nunyalawo kple afakalawo kple Egipte ƒe akunyawɔlawo. Woawo hã te ŋu wɔ nu ma ke kple woƒe akunyawɔwɔ!


Ne amewo gblɔ na mi be, miyi miabia nu le ŋɔliyɔlawo kple afakalawo, ame siwo doa dalĩ kple ŋɔtimegbe gbɔ la, ɖe mele be amewo nabia nu woƒe Mawu boŋ oa? Ɖe woabia nu ame kukuwo na ame gbagbewoa?


Mawu na nunya kple gɔmesese ɖekakpui ene siawo tso nuŋlɔɖi kple nunya ƒe alɔdze ɖe sia ɖe ŋu. Ke Daniel ya tea ŋu sea ŋutegawo kple drɔ̃e ɖe sia ɖe ƒomevi gɔme.


Ale fia la yɔ dzotɔwo, bokɔwo, gbesalawo kple ɣletivimenunyalawo ƒo ƒu be woalĩ drɔ̃e siwo yeku la na ye. Esi wova tsi tsitre ɖe eŋkume la,


Tete fia la tsɔ Daniel da ɖe ɖoƒe kɔkɔ aɖe eye wòtsɔ nunana geɖewo nɛ. Etsɔe ɖo Babilonia nuto la katã me nu, eye wòna wòzu Babilonia nunyalawo katã ƒe tatɔ.


Ke na eƒe takpo la kple eƒe kewo nanɔ babla kple gayibɔ kple akɔbli eye wòanɔ tome le gbe siwo le gbedzi la dome. “ ‘Na dziƒozãmu naƒoe eye nàna wòanɔ agbe kple lãwo le anyigba la ƒe nu miemiewo dome.


Ame aɖe le wò fiaɖuƒe la me, ame si me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la, wokpɔe be sidzedze, gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo tɔwo ene. Fia Nebukadnezar, fofowò, fia la tsɔe ɖo bokɔwo, akunyawɔlawo, ɣletivimenunyalawo kple dzosalawo nu.


Fia la na woyɔ eƒe bokɔwo, ɣletivimenunyalawo kple dzotɔwo vɛ. Tete fia la gblɔ na Babilonia nunyala siawo be, “Ame si axlẽ nuŋɔŋlɔ sia eye wòaɖe egɔme nam la, woado aɖabɛwu nɛ, woade sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ eye woana wòazu dziɖula ŋusẽtɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa