Daniel 4:5 - Agbenya La5 Meku drɔ̃e aɖe si na vɔvɔ̃ ɖom. Esi memlɔ nye aba dzi la, ɖeɖefia kple ŋutega siwo va to nye susu me la do ŋɔdzi nam. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19135 Mlɔeba la Daniel, amesi lsɔ nye mawu Beltsazar ŋkɔ, eye mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le eme la, va gbɔnye, eye meli drɔ̃e le nɛ be: Onani mutuwo |
Tete Daniel, ame si woyɔna hã be Beltesazar la tɔtɔ ŋutɔ ɣeyiɣi aɖe eye eƒe susu do ŋɔdzi nɛ. Ale fia la gblɔ nɛ be, “Beltesazar, mègana drɔ̃e la kple eƒe gɔmeɖeɖe nado ŋɔdzi na wò o.” Beltesazar ɖo eŋu be, “Nye Aƒetɔ, ɖe drɔ̃e la aku ɖe wò futɔwo ŋu eye eƒe gɔmeɖeɖe alɔ ame siwo dia vɔ̃e na wò ɖe eme hafi!