Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 4:36 - Agbenya La

36 Le ɣe ma ɣi ke esi Mawu gbugbɔ nye susu ɖo te la, egbugbɔ nye bubu kple atsyɔ̃ hã nam hena nye fiaɖuƒe la ƒe bubu. Aɖaŋudelawo kple ametsitsiwo gbugbɔm ɖo nye fiazikpui dzi eye mexɔ ŋkɔ azɔ wu tsã gɔ̃ hã.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 4:36
11 Mawu Ofanana  

Miaƒe nya tsitsiwo nye lododo gbɔlowo eye dedinɔnɔ ƒe gli siwo mieɖo la nye anyigliwo ko.


Ɖokuibɔbɔ kple Yehowavɔvɔ̃ hea kesinɔnu, bubu kple agbe vɛ.


“Èɖo ŋku anyi, O fia eye nèkpɔ legba gã aɖe, elolo nɔ dzo dam eye eƒe dzedzeme dzi ŋɔ.


wò ŋutɔ. O fia, wòe nye ati la! Èlolo eye nèsẽ ŋu, wò gãnyenye tsi va se ɖe esime wòtɔ dziŋgɔli eye wò fiaɖuƒe keke yi teƒe didiwo le anyigba dzi.


Woanya wò do goe le amewo dome eye nànɔ lã wɔadãwo dome; àɖu gbe abe nyi ene. Fe adre ava yi na wò va se ɖe esime nànyae be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi, eye wòtsɔa wo naa ame si wòdi be yeatsɔ wo ana la.”


Le ɣeyiɣi ma ƒe nuwuwu la, nye Nebukadnezar, mewu mo dzi, kpɔ dziƒo eye wogbugbɔ nye susu ɖo te nam. Tete mekafu Dziƒoʋĩtɔ la, mede bubu eŋu eye medoe ɖe dzi, eya ame si li tegbee. Seɖoƒe meli na eƒe dziɖuɖu o; eye eƒe fiaɖuƒe anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.


Ke midi Mawu ƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbã, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie, eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe si ƒo nuwo katã ta la mí ɖaa.


“Eya ta Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Medo ŋugbe be wò kple fofowò ƒe aƒe asubɔ le ŋkunye me tegbee.’ Ke azɔ la Yehowa be, ‘Esia nete ɖa xaa tso gbɔnye! Ame siwo de bubu ŋutinye la, made bubu wo ŋu, ke ame siwo do vlom la, woaɖu ŋukpe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa