Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 4:33 - Agbenya La

33 Enumake nu si wogblɔ ɖe Nebukadnezar ŋu la va eme. Wonyae ɖa tso amewo dome eye wòɖu gbe abe nyi ene. Zãmu dza ɖe edzi va se ɖe esime eƒe taɖa to abe hɔ̃ ƒe fuwo ene eye eƒe fewo to abe xevi ƒe fewo ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Nye mo gakɔ le ɣemaɣi, eye nye fiaɖuƒe ƒe bubu, nye ŋutikɔkɔe kple nye atsyɔ̃ gasu asinye; nye adaŋuɖelawo kple nye amegãwo di yonyeme mɔ, wogatsɔm ɖo nye fiaɖuƒe la nu, eye nye gãnyenye sɔ gbɔ ɖe dzi.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 4:33
7 Mawu Ofanana  

ame vɔ̃ɖiwo ƒe nukoko nu mesena yina o, eye Mawumavɔ̃lawo ƒe aseyetsotso nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko.


Afli kakɛkakɛ abe ze si ge hegbã gudugudu la ene. Afli ale gbegbe be, womakpɔ kakɛ aɖeke si alolo woatsɔ aɖe dzo le mlekpui me alo aku tsii le zɔ me o.”


Woanya wò ɖa le amewo dome eye nànɔ agbe abe lã wɔadãwo ene; àɖu gbe abe nyi ene eye dziƒozãmu adza ɖe dziwò. Ƒe adre ava yi va se ɖe esime nànyae be, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi eye wòtsɔa wo naa ame si dzea eŋu.


Woanya wò do goe le amewo dome eye nànɔ lã wɔadãwo dome; àɖu gbe abe nyi ene. Fe adre ava yi na wò va se ɖe esime nànyae be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi, eye wòtsɔa wo naa ame si wòdi be yeatsɔ wo ana la.”


Enyae le amegbetɔwo dome eye wotsɔ gbemelã ƒe susu nɛ. Enɔ gbetedziwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, dziƒozãmu dza ɖe edzi eye wònya be Mawu, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa ame si dze eŋu la ɖoa wo nu.


Tete amegbetɔ ƒe asibidɛ dze eye wòŋlɔ nu ɖe gli si ŋu wosi akalo ɖo la eye wòte ɖe akaɖiti si le fiasã la me ŋu. Fia la lé ŋku ɖe asibidɛ la ŋu esi wònɔ nua ŋlɔm.


elabena mienya nyuie be ame aɖeke menya ɣeyiɣi la o. Aƒetɔ la ƒe azãgbe la aɖi ɖe mí abe ale si fiafitɔ vana le zã me ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa