Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 4:17 - Agbenya La

17 “ ‘Dɔla kɔkɔewo ɖe gbeƒã nyametsotso sia ale be ame nɔagbewo nanya be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa wo katã naa ame sia ame si wòlɔ̃ eye wòtsɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la ɖoa wo nu.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ati gã lolo, si nèkpɔ wòkɔ ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòvu de anyigba blibo la dzi,

Onani mutuwo Koperani




Daniel 4:17
30 Mawu Ofanana  

Ame aɖeke meganɔ anyi kpɔ abe Ahab ene, ame si tsɔ eɖokui dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume o elabena srɔ̃a Yezebel ye do ŋusẽe.


Fia Ahaz ŋlɔ Mawu be le eƒe xaxaɣi sia me.


Yehowa ɖo eƒe fiazikpui anyi ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe le wo katã dzi ɖum.


O! Yehowa, àna míanɔ dedie, eye àdzɔ mía ŋu tso ame siawo tɔgbi ƒe asi me tegbetegbe.


Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me; ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me. Ŋugbledede. Sela


Gake meɖe miaƒe agbe le susu sia ta be maɖe nye ŋusẽ afia mi, eye woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigba blibo la dzi.


Wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gbɔ be, “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la; anyigba blibo la katã yɔ fũu kple eƒe ŋutikɔkɔe.”


Eye mese Aƒetɔ la ƒe gbe wòbia be, “Ame ka madɔ, eye ame ka ayi na mí?” Meɖo eŋu be, “Aƒetɔ, nyee nye esi, dɔm!”


Mabia hlɔ̃ wo vevie, eye mahe to na wo le nye dɔmedzoe helĩhelĩ me. Ekema woanya be nyee nye Yehowa, ne mebia hlɔ̃ wo.’ ”


Makplɔ dukɔ vɔ̃ɖitɔwo vɛ be woava xɔ woƒe aƒewo, matsi ŋusẽtɔwo ƒe dada nu, eye woagblẽ kɔ ɖo na woƒe Kɔkɔeƒewo.


“Ame ɖigbɔ̃ aɖe ava ɖu fia ɖe eteƒe, ame si womatsɔ fianyenye ƒe bubu na o. Ke ne ameawo nɔ anyi le dedinɔnɔ me bɔkɔɔ la, ava ƒo ɖe wo dzi le vo me le fiaɖuƒe la me eye wòaxɔe to ayemɔ dzi.


Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo Eyae ɖoa fiawo eye wòtua fiawo. Eyae naa nunya nunyalawo Eye wònaa gɔmesese nugɔmeselawo


Enye dzidzɔ nam be maɖi ɖase na mi tso dzesi wɔnuku kple nukunu siwo Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la wɔ nam la ŋuti.


Woanya wò ɖa le amewo dome eye nànɔ agbe abe lã wɔadãwo ene; àɖu gbe abe nyi ene eye dziƒozãmu adza ɖe dziwò. Ƒe adre ava yi va se ɖe esime nànyae be, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi eye wòtsɔa wo naa ame si dzea eŋu.


Aƒo nu atsi tsitre ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, ate eƒe ame kɔkɔeawo ɖe to eye wòate kpɔ be yeatrɔ ɣeyiɣi ɖoɖowo kple sewo. Woatsɔ ame kɔkɔeawo ade asi nɛ ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã.


Miɖo to dziɖuɖu la, elabena Mawue nye ame si ɖo dziɖuɖu la anyi. Dziɖuɖu aɖeke mele afi aɖeke si Mawu ŋutɔ metsɔ ŋusẽ na o.


Mawu tia xexemenu maɖinuwo, nu siwo wodo ŋunyɔe kple nu siwo mele ɖeke me o, be wòatsɔ aɖi gbɔ nu si nye nanee,


Mele se dem na wò moveviɖotɔe le Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo kple mawudɔla kɔkɔeawo katã ƒe ŋkume be nàwɔ nu sia ne hamemegã la nye xɔ̃wò vevi loo alo menye xɔ̃wò o. Ele be woatsɔ dzidzenu ɖeka ma ko na ame sia ame.


Aʋala ade nɔ nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo, eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔ ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be, “ ‘Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, nye Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,’ ame si nɔ anyi va yi, eli fifia, eye wògale vava ge.”


Eyae ɖea ame dahe tso ke me eye wòfɔa hiãtɔ tso afi me enaa zikpui wo ɖe dziɖulawo xa eye wònaa wonyia dome kple bubu ƒe fiazikpui. “Elabena Yehowa tɔe nye anyigba ƒe gɔmeɖokpe; eya dzie wòɖo xexea me gɔme anyi ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa