Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 4:12 - Agbenya La

12 Eƒe aŋugbawo nya kpɔ ŋutɔ, eƒe kutsetsewo sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ eye nuɖuɖu le edzi na ame sia ame. Dziƒoxeviwo nɔ eƒe alɔwo dzi. Nu gbagbe ɖe sia ɖe kpɔa nuɖuɖu tsoa egbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke migblẽ eƒe takpoea ɖe to me, eye mide gayibɔ kple akɔbli kɔsɔkɔsɔe ɖe gbe dama me, dziƒo zãmu naƒo, eye eya kple gbemelãwo naɖu anyigba dzi gbe.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 4:12
13 Mawu Ofanana  

Exɔa susu le anyigbadzifiawo si eye wònana wonɔa tsaglalã tsam le gbegbe.


“Mɔkpɔkpɔ li na ati gɔ̃ hã, ne wolãe la, egadzena yeyee eye eƒe alɔ yeyeawo nu matsi o.


ke hã la, ne tsi nya ʋẽ ɖee ko la, egadzena eye wòtoa alɔwo abe ati si wodo ene.


Yehowa ƒe amesiamina la, si nye míaƒe agbegbɔgbɔ gɔ̃ hã ge ɖe woƒe mɔ me. Míebu xaa be le eƒe vɔvɔli te la, míanɔ dedie le dukɔwo dome.


Israel ƒe to kɔkɔwo dzie madoe ɖo; aɖe alɔwo, atse ku, eye wòazu sedati nyui aɖe. Xevi ɖe sia ɖe ƒomevi awɔ atɔ ɖe eme. Woakpɔ sitsoƒe le eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli te.


Ame siwo nɔ eƒe vɔvɔli te, ame siwo wòtsɔ aʋae le dukɔwo dome la, hã yi yɔdo me kplii, kpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti.


Edo ɣli kple gbe sesẽ aɖe be, ‘Tso ati la ƒu anyi, lã eƒe ɖɔwo ɖa eye nàkaka eƒe kutsetsewo ahlẽ. Na gbemelãwo nasi le ete eye nàna dziƒoxeviwo nadzo adzo le eƒe alɔwo dzi.


Togbɔ be enye atiku suetɔ wu le atikuwo dome hã la, ne etsi la, ezua ati gã si ƒoa atiwo katã ta, eye xeviwo va wɔa atɔ ɖe alɔawo me hekpɔa gbɔdzɔe.”


“Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menya o, Nye, Vi la gɔ̃ hã nyemenya o, negbe Fofo la ko.


Togbɔ be ele alea hã la, ne woƒãe la, etsina zua ati dzɔatsu le abɔmetiwo katã dome, eye wòɖea alɔ legbe siwo me xeviwo wɔa atɔ ɖo hekpɔa gbɔɖeme le wo me.”


Ele abe atiku sue aɖe si wodo ɖe agble me ene. Atiku sia tsi kabakaba va zu ati kɔkɔ aɖe, eye wòɖe alɔwo fũu, eye xeviwo va wɔ atɔ ɖe alɔawo me.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa