Esi fia dada se fia la kple eƒe ame ŋkutawo ƒe nuƒoƒo la, ege ɖe kplɔ̃ɖoƒe la eye wògblɔ be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Mègana wò dzika natso o. Mègana wò mo nafu kpĩi alea o.
Mixe fe na ame sia ame abe ale si wòdzee ene. Mixe miaƒe dugawo kple adzɔwo dzidzɔtɔe. Miɖo to miaƒe tatɔwo, eye mitsɔ bubu na ame sia ame si dze bubu la.