Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 3:4 - Agbenya La

4 Tete gbeƒãɖela do ɣli sesĩe gblɔ be, “Nu si wode se be miawɔe nye esi: O amewo, dukɔwo kple gbe ɖe sia ɖe gblɔlawo,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye gbeƒãɖela ɖo ɣli sesie bena: Mi dukɔwo, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo, wole se dem na nu be:

Onani mutuwo Koperani




Daniel 3:4
13 Mawu Ofanana  

Enumake woyɔ agbalẽŋlɔla siwo le fia la ƒe dɔ me la vɛ le ɣleti etɔ̃lia si woyɔna be, Sivan la ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-etɔ̃a gbe. Azɔ woŋlɔ Mordekai ƒe gbedeasi siwo ɖom wòle ɖe Yudatɔwo, dumegãwo, mɔmefiawo kple bubume siwo le nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre (127) si keke tso India yi ɖase ɖe Kus ƒe liƒowo dzi ke la me. Woŋlɔ gbedeasi siawo ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me, eye woŋlɔe na Yudatɔwo hã ɖe woƒe degbe me.


Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Zion, lia to kɔkɔ aɖe. Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Yerusalem, kɔ wò gbe dzi nàdo ɣli, kɔ gbe dzi, mègavɔ̃ o; gblɔ na Yuda ƒe duwo be, “Miaƒe Mawue nye esi!”


“Gblɔe kple ɣli, mègadzudzɔ o. Kɔ wò gbe dzi abe kpẽ ene. Gblɔ nye dukɔ ƒe aglãdzedze nɛ kple Yakob ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo nɛ.


Ède se, O fia, be ne ame sia ame se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ele nɛ be wòamlɔ anyi ade ta agu na sikalegba la


Ale amegãwo, dziɖulawo, aɖaŋudelawo gadzikpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, sefialawo kple nutomedzikpɔlawo va ƒo ƒu hena legba si Fia Nebukadnezar li la ŋuti kɔkɔ teƒe kpɔkpɔ, eye wotsi tsitre ɖe eŋgɔ.


Eya ta ne amewo nya se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, amewo katã, dukɔwo me tɔwo kple gbe ɖe sia ɖe gblɔlawo mlɔa anyi eye wodea ta agu na sikalegba si Fia Nebukadnezar li.


Gbedeasi tso Fia Nebukadnezar, Gbɔ na amewo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me tɔwo le xexea me katã. Eme nenyo na mi katã!


Edo ɣli kple gbe sesẽ aɖe be, ‘Tso ati la ƒu anyi, lã eƒe ɖɔwo ɖa eye nàkaka eƒe kutsetsewo ahlẽ. Na gbemelãwo nasi le ete eye nàna dziƒoxeviwo nadzo adzo le eƒe alɔwo dzi.


Tete Fia Darius ŋlɔ agbalẽ na eƒe amewo katã, dukɔwo kple ame siwo tso gbegbɔgblɔwo katã me le anyigba la dzi la be, “Eme nenyo na mi ŋutɔŋutɔ!”


eye woaŋe Efraim, agbãe gudugudu, elabena eɖoe kplikpaa be yeadze legbawo yome.


Miewɔ nu ɖe Omri ƒe sewo nu eye miewɔ Ahab ƒe aƒe la ƒe nuwɔnawo katã. Miedze woƒe nuɖoanyiwo yome eya ta matsɔ mi ade asi na gbegblẽ eye wò amewo azu alɔmeɖenu; ale dukɔwo ƒe vlododo ava dziwò.”


Wodzi ha yeye be, “Wòe dze be nàʋu agbalẽ la, eye nàɖe nutrenu adreawo ɖa, elabena wowu wò kpɔ, eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu. Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, Nuto ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa