Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 3:24 - Agbenya La

24 Tete Fia Nebukadnezar ƒe nu ku. Etso kpla eye wòbia eƒe aɖaŋudelawo be, “Menye ame etɔ̃e nɔ afi ma, ame siwo míebla tsɔ ƒu gbe do ɖe kpodzoa me oa?” Woɖo eŋu be, “Nenemae, O fia.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Tete fia Nehukadnezar ƒe nu ku, eye wòtso zi ɖeka kplà gblɔ na eƒe adaŋudelawo bena: Ɖe menye ŋutsu etɔ̃e míebla tsɔ ƒu gbe de dzoa me oa? Woɖo ŋu gblɔ na fia la bena: Ẽ, fia!

Onani mutuwo Koperani




Daniel 3:24
18 Mawu Ofanana  

Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab ene elabena Ahab ƒe ƒometɔwo zu eƒe aɖaŋuɖolawo le fofoa ƒe ku megbe eye woblee de gbegblẽ me.


Ne woda mí ɖo ɖe kpodzoa me la, Mawu si míesubɔna la ate ŋu aɖe mí tso eme eye wòaɖe mí tso wò asi me, O fia.


Ke ame etɔ̃ siawo, ame siwo wobla sesĩe la, ge dze dzo bibi la me.


Fia la gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mekpɔ ame ene, wole tsa ɖim le dzo la me; womebla wo o, nuvevi aɖeke mewɔ wo hã o eye ame enelia ɖi mawuwo ƒe viŋutsuvi aɖe.”


wò ŋutɔ. O fia, wòe nye ati la! Èlolo eye nèsẽ ŋu, wò gãnyenye tsi va se ɖe esime wòtɔ dziŋgɔli eye wò fiaɖuƒe keke yi teƒe didiwo le anyigba dzi.


Eya ta, O fia, na wòadze ŋuwò be nàxɔ nye aɖaŋuɖoɖo. Ɖe asi le wò nu vɔ̃wo ŋuti to nu nyui wɔwɔ me, nàɖe asi le ŋutasesẽ ŋu to ame siwo wote ɖe anyi la nu veve me. Ekema ate ŋu ava eme be wò nunyonamewo agate ŋu ayi dzi.”


“O fia, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la na fianyenye, gãnyenye, ŋutikɔkɔe kple dzedzeme fofowò, Nebukadnezar.


Fia la ƒe mo fu kpĩi eye dzidzi ƒoe ale gbegbe be eƒe klowo de asi wo nɔewo ƒoƒo me kpakpakpa eye eƒe afɔwo gbɔdzɔ le ete.


Nye Mawu ɖo eƒe dɔla aɖe ɖa eye wòde ga nu na dzataawo. Womewɔ nuvevi aɖekem o elabena nyemeɖi fɔ aɖeke le Mawu ŋkume o eye nenema ke nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ le wò ŋkume o, O fia.”


Dɔdzikpɔlawo, tatɔwo, dziɖulawo, aɖaŋuɖolawo kple mɔmefiawo katã ɖoe be fia la nade se si ana be ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu aɖe alo ame aɖe ŋkeke blaetɔ̃ siwo le mía ŋgɔ me eye menye na wò, O fia, o la, woalée ade dzatawo ƒe do me


Esi Petro va ɖo aƒea ƒe agbonu la, eƒo ʋɔa, eye dɔlanyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Roda la va be yeaʋui. Ke gbã la, ebia ame si nɔ ʋɔa ƒom la ƒe ŋkɔ ta se.


Esi míenɔ mɔa dzi yina anɔ abe ŋdɔ ga wuieve me lɔƒe ene la, fia Agripa, mekpɔ keklẽ gã aɖe tso dziƒo heklẽ ɖe nye kple ŋunyemewo dzi.


Fia Agripa, menya be èxɔ nyagblɔɖilawo ƒe nyawo dzi se; alo mele eme nenema oa?”


Azɔ tsi tsitre nàyi Damasko dua me; ne èɖo afi ma la, woagblɔ nu siwo nàwɔ la na wò.”


Esi Saul kpɔ David wòyina aʋa wɔ ge kple Goliat la, ebia Abner, eƒe aʋafia be, “Abner, ame kae nye ɖekakpui sia fofo?” Abner ɖo eŋu be, “O fia, meta wò agbe. Nyemenya o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa