Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 3:19 - Agbenya La

19 Tete Nebukadnezar do dɔmedzoe vevie ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ŋu eye eƒe nɔnɔme ɖe wo ŋu trɔ. Eɖe gbe be woado dzo ɖe kpodzo la me wòaxɔ dzo zi adre wu ale si wòxɔa dzoe tsã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Tete dzi ku Nehukadnezar vevie, eye eƒe mo trɔ ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ŋu; eye wòde se be, woado dzo ɖe kpoa me zi gbɔ zi adre wu alesi wodoe tsã.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 3:19
26 Mawu Ofanana  

Yakob de dzesii be Laban megakɔa ŋkume ɖe ye o.


Esi Haman kpɔ be Mordekai mele klalo be yeade ta agu na ye alo ade bubu ye ŋu o la, dzi kui vevie ŋutɔ.


Fia la tsi tsitre enumake kple dziku le eƒe wain gbɔ, eye wòyi fiasã la ƒe abɔ me. Esi Haman kpɔ be fia la ɖo nugbe ɖe ye ŋu xoxo la, etsi kplɔ̃a ŋu be yeaɖe kuku na Fiasrɔ̃ Ester ɖe yeƒe agbe ta.


Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu, he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi.


Fia ƒe dziku nye ku ƒe dɔla, ke nunyala alé avui.


Ŋutsu dadala, ɖokuiŋudzela, si wɔa nu tovo kple dada la, eyae woyɔna be, “Fewuɖula.”


Matsɔe ade asi na wò fuwɔamela siwo gblɔna na wò be, ‘Mlɔ anyi ne míazɔ dziwò ayi’, eye nèwɔ wò dzime abe anyigba kple mɔdodo ene be woato edzi ayi.”


Nu sia do dɔmedzoe na fia la ale gbegbe be wòɖe gbe be woawu Babilonia nunyalawo katã.


Nebukadnezar do dɔmedzoe ŋutɔ eye wòɖo du ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego. Ale wokplɔ ame siawo va fia la ŋkume.


Eɖe gbe na eƒe asrafo sesẽtɔwo le eƒe aʋakɔ me be woabla Sadrak, Mesak kple Abednego eye woada wo ɖe kpodzo la me.


Fia la ƒe mo fu kpĩi eye dzidzi ƒoe ale gbegbe be eƒe klowo de asi wo nɔewo ƒoƒo me kpakpakpa eye eƒe afɔwo gbɔdzɔ le ete.


Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wolé ame siwo tsɔ aʋatsonya ɖe Daniel ŋu la de dzatawo ƒe do la me kple wo srɔ̃wo kple wo viwo. Womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzataawo lé wo, vuvu wo eye wogbã woƒe ƒuwo o.


“Ne miegagbe toɖoɖom kokoko la, mahe to na mi vevie zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta.


“Ne miagaɖo tom ɣe ma ɣi hã o la, mana dɔvɔ̃ bubu adre nava mia dzi ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta.


ekema nye hã matsi tsitre ɖe miaƒe didiwo ŋu, eye nye ŋutɔ gɔ̃ hã mafia fu mi zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta.


ekema mana nye dɔmedzoe sesẽ la nabi ɖe mia ŋu, eye mana tohehe si dzi ŋɔ zi adre wu tsãtɔwo la nava mia dzi le miaƒe nu vɔ̃wo ta.


Esi wose esia la, eku dzi na wo vevie, eye woɖo be yewoawu apostoloawo.


Stefano ƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ŋutɔ. Wodo dziku vevie henɔ nyanyram le wo ɖokuiwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa