Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 3:18 - Agbenya La

18 Ke ne maɖe mí o hã la, míedi be nànya, O fia, be míasubɔ wò mawuwo loo alo ade ta agu na sikalegba si nèli la o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke ne menɔ alea o hã la, fia, nyae be, míele wò mawuwo subɔ ge akpɔ gbeɖe o, eye mlaɖo gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 3:18
20 Mawu Ofanana  

Eliya ɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye ɖeka koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.”


Ke hã la, magblẽ ame akpe adre ɖe Israel, ame siwo medze klo na Baal o eye wometsɔ woƒe nuwo gbugbɔ nu nɛ o.”


Togbɔ be ele wu ye ge hã la, matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ada ɖe eya amea dzi ko. Le nyateƒe me maʋu go nye mɔwo ɖe ŋkume nɛ.


Ame vɔ̃ɖi la léa du tsɔna, evɔ ame aɖeke menyae ɖe du nu o, ke dzi le ame dzɔdzɔe ƒo abe dzata ene.


Tete Nebukadnezar gblɔ be, “Woakafu Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe Mawu, ame si ɖo eƒe mawudɔla ɖa eye wòɖe eƒe dɔlawo! Woxɔ edzi se eye wogbe fia la ƒe se dzi wɔwɔ, wolɔ̃ be yewoatsɔ yewoƒe agbewo ana wu be yewoasubɔ alo ade ta agu na mawu bubu negbe woawo ŋutɔ ƒe Mawu ko


“ ‘Migatrɔ ɖe legbawo ŋu alo miatsɔ ga awɔ mawuwo na mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.


“Migavɔ̃ na ame siwo ate ŋu awu miaƒe ŋutilã, ke womate ŋu awu miaƒe gbɔgbɔ o la gbeɖe o! Mivɔ̃ Mawu ɖeka hɔ̃ɔ, ame si si ŋusẽ le be wòawu ŋutilã kple gbɔgbɔ la siaa le dzomavɔ me.


“Nenye be ame aɖe ku ɖe eƒe agbe ŋuti vevie la, abui, ke ne ame aɖe tsɔ eƒe agbe na ɖe tanye la, akpɔe le nuwuwua.


Yesu gblɔ na wo be, “Miawo la, nenye be fiẽ ɖo la, miegblɔna be, ‘Yame akɔ, elabena yame biã,’


Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be enyo le Mawu gbɔ be míase amegbetɔ ƒe gbe, agbe eya Mawu ƒe gbedziwɔwɔ hã?


ke boŋ elɔ̃ be yeakpe fu kple Mawu ƒe amewo wu be yease nu vɔ̃ ƒe vivi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!”


Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi me. Womelɔ̃ woƒe agbe nenema gbegbe be woayi sisi ge le ku nu o,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa